Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 40:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ale Mose tu nɔƒe lae. Efɔ afɔawo da ɖi, eye wotsɔ ʋuƒoawo de wo me; emegbe wòde gametiawo wo ŋu, eye wòtu sɔtiawo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Mose kɔ zɔwo de sɔtiawo te, eye wòklã ʋuƒowo ɖe sɔtiawo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 40:18
15 Mawu Ofanana  

Elabena tso gbesigbe mekplɔ Israel-viwo tso Egipte la, nyemenɔ xɔa ɖeke me vaseɖe egbe o, ke boŋ menɔ agbadɔ kple nɔƒe la me henɔa tsatsam.


Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi wotu nɔƒe la.


Eye wòkeke kuntruawo ɖe nɔƒe la dzi, emegbe wògbã wo dzi, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi natu nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la.


Duametɔa ɖeke nagblɔ be, yele dɔ lém o; wotsɔ vodada ke amesiwo le eme.


Maɖo nye nɔƒe ɖe mia dome, eye nyemanyɔ ŋu mi o.


Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.


Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.


Ke esi azãgbe la ɖo vo la, Mawu dɔ ye ŋuta Via ɖo ɖa, eye nyɔnua ɖe dzii, eye wodzii ɖe se la te,


ke ne metsi anyi la, ne nanya alesi dze wò be, nazɔ le Mawu ƒe aƒe, si nye Mawu gbagbe ƒe hame kple nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ la me.


amesiwo ŋu wodzo le Mawu ƒe ŋusẽ me to xɔse me hena xoxo, si su te, bene woaɖee afia le ɣeyiɣi mamletɔ dzi,


Eye mese gbe gãa ɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa