Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 40:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye Mose wɔe pɛpɛpɛ. Alesi Yehowa de se ne la, nenema wòwɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Ale Mose de asi nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la wɔwɔ me.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 40:16
19 Mawu Ofanana  

Eye Noa wɔe; alesi Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.


eye nasi ami na wo, abe alesi nèsii na wo fofo ene, bena woazu nunɔlawo asubɔm. Ami sisi sia nanye dzesi na wo kple woƒe dzidzimeviwo bena, nunɔladɔ la zu wo tɔ tegbee.


Alesi Yehowa ɖe se na Mose kple Aron la, nenema wowɔ.


Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.


Tete meyi ɖaɣlae ɖe Frat nu, abe alesi Yehowa gblɔ nam ene.


Eye Mose na Aron viŋutsuwo te va, wodo awutewui ʋlayawo, eye wòtsɔ alidziblanu bia wo dzi na wo, emegbe wòbia ta na wo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Ke etsɔ tsi kpala dɔmenuawo kple afɔawo, eye Mose tɔ dzo agbo blibo la le vɔsamlekpui dzi. Numevɔsa, si nena lilili la wònye, dzovɔsa wònye na Yehowa, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


emegbe wòtsɔ tablanu la bla ta nɛ, eye wòtsi sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu le ŋgɔgbe, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.


abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene. Eye wotia wo xlẽ le Sinai-gbedzi.


Ɖewo etsia anyi ŋkeke eve, ɣleti ɖeka alo wu nenema. Ne alilikpo la tsi nɔƒea dzi la, ekema Israel-viwo hã tsia asaɖa la me, eye womehona o; ke ne eho le edzi ta, ekema wohona.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Ke nusi gakpe ɖe eŋuti la, enye bena, wodina tsoa xɔnuviwo gbɔ, bene woakpɔ wo nuteƒewolawoe.


Azɔ Israel, se dodo kple se, siwo mele mia fia ge la, ne miawɔ wo dzi anɔ agbe, bena miade afima, eye miaxɔ anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, le mia na ge la.


amesi nye nuteƒewɔla na amesi ɖoe, abe alesi Mose hã nye nuteƒewɔla le eƒe aƒe blibo la katã me ene.


Eye Mose la nye nuteƒewɔla le eƒe aƒe blibo la katã me abe subɔla ene, bene wòaɖi ɖase le nusiwo woava gblɔ la ŋuti;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa