Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 4:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eyata mele gbɔgblɔm na wò bena: Ɖe asi le vinye ŋuti, ne wòava subɔm, ke ne ègbe asiɖeɖe le eŋu la, ekema mawu wò ŋgɔgbevi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Meɖoe na wò be nàna wòadzo aɖasubɔm, ke ègbe toɖoɖo. Kpɔ ɖa, mawu wò ŋgɔgbevi.’ ”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 4:23
22 Mawu Ofanana  

Ewo ŋgɔgbeviwo katã lewoƒe anyigba dzi, woƒe ŋusẽwo katã ƒe ŋgɔgbeawo.


eya, amesi wu Egipte-ŋgɔgbeviwo tso amewo tɔ dzi vaseɖe lãwo tɔ dzi;


Eya, amesi wu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee;


Eye wòwu woƒe ŋgɔgbeviwo katã le Egipte, woƒe ŋuse ƒe ŋgɔgbeawo le Xam ƒe agbadɔwo me.


Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Ke ne egbe asiɖeɖe le nye dukɔ ŋu la, ekema mana ʋetsuviwo nava wò anyigba dzi etsɔ.


eye ŋgɔgbeviwo katã aku le Egipte-nyigba dzi, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi, si ava no eƒe zi dzi la dzi vaseɖe kosi, si le teƒo, ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi.


Le zã titina la Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi, si le eƒe zi dzi la dzi vaseɖe gatɔ, si le gaxɔ me la, ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi.


Esi Farao sẽ tame be, yemaɖe asi le mia ŋu o la, Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, tso amewo ƒe ŋgɔgbeviwo dzi vaseɖe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo dzi; eyata metsɔa atsu sia atsu, si ʋu ɖo nu na dada la, sa vɔe na Yehowa; ke vinyeŋutsuwo la, meɖɔa li wo ta.


Eyome Mose xlẽ nusiwo katã Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo le Israel ta, kple fu, siwo katã dzɔ ɖe wo dzi le mɔ ta, kpakple alesi Yehowa ɖe wo la, na toa.


Eye ne woɖo to wò gbe la, ekema mia kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo miayi Egipte-fia gbɔ, eye miagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, ɖe eɖokui fia mí; eyata na miazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedzi, aɖamè nu na Yehowa mia Mawu la.


Emegbe Mose kple Aron woyi dagblɔ na Farao bena: Ale Yehowa. Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòayi aɖaɖu ŋkekenyuie nam le gbedzi!


Yi ɖaƒo nu kple Farao, Egipte-fia bena: Ɖe asi le Israel-viwo ŋuti woadzo le wo anyigba dzi.


Eye nagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, dom ɖo ɖe gbɔwò, be yeagblɔ na wò bena: Ɖe asi le nye dukɔa ŋuti, ne wòaɖasubɔm le gbedzi! Ke meɖo to vaseɖe fifi o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron be: Do wo asi kple atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo dzi, eye nahe akpɔkplɔwo ava Egipte-nyigba la dzi!


Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ ŋdi kanya, ne eyi tɔa nu la, eye nagblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Ke ne ègbe asiɖeɖe le nye dukɔa ŋu la, ekema mana togbatowo nava ɖo wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple dukɔ la dome, eye woava aƒewò me; Egipte-tɔwo ƒe xɔwo me kple anyigba, si dzi wotsi tre ɖo gɔ̃ hã ayɔ fũ kple togbatowo.


Eye Yehowa wo nenema; tete togbato geɖe fũ va Farao ƒe aƒe kple eŋu mewo ƒe xɔwo me kpakple Egipte-nyigba blibo la dzi, eye togbatoawo gblẽ anyigba la.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, eye nagblɔ ne bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋu, bena wòaɖasubɔm!


Eyome Yehowa gblɔ na Mese bena: Yi Farao gbɔ ŋdi kanya, eye nagblɔ ne be: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Ke ne egbe asiɖeɖe de wo ŋu, eye nègalé wo ɖe anyi la,


Esi Israel nɔ ɖevime la, melɔe, eye meyɔ vinye la tso Egipte vɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa