Tete wògblɔ na Gexazi bena: Bla wò ali dzi, eye natsɔ nye atikplɔ ɖe asi ayi. Ne èdo go amea ɖe la, megado gbe nɛ o, eye ne amea ɖe do gbe na wò la, megalɔ̃ nɛ o, eye natsɔ nye atikplɔ la ada ɖe ŋutsuvi la ƒe mo.
Tete Mose gblɔ na Yosua bena: Tia ŋutsuwo kpe ɖe ŋuwò, eye nayi aɖawɔ aʋa kple Amalek etsɔ; ke nye la maɖatsi tre ɖe togbe la tame, eye male Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.
Tsɔ wò atikplɔ, eye mia kple nɔviwò Aron miaƒo ha la nu ƒu, eye naƒo nu kple agakpe la le woƒe ŋku me, ekema ana tsi. Ale nana tsi nado le agakpe la me, bena ha la kple woƒe lãwo nano.