Yehowa, dziƒo Mawu, si ɖem tso fofonye ƒe me kple mia denyigba dzi, amesi ƒo nu kplim, eye wòka atam nam bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana la, adɔ eƒe ɖɔla ɖe ŋgɔwò, be naɖe srɔ̃ na vinye la tso afima
mawudɔla, si ɖem tso nye hiãwo katã me la, ayra ɖeviawo eye woayɔ nye ŋkɔ kple fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔ ɖe wo ŋu, wòadzi ɖe dzi, eye woasɔ gbɔ le anyigba la dzi.
Eye ne mebe, maɖe ŋku ɖa le edzi, eye magaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o la, enɔa nye dzi me abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene, etsɔtsɔ tia ko nam, eye wògloam.
Ke Yona tso, be yeasi le Yehowa ŋku me ayi Tarsis. Eye esi wòva Yafo, eye wòkpɔ ʋua ɖe, si le Tarsis yi ge la, exe fe, eye wòɖoe, be yeasi atso Yehowa ŋku me ayi Tarsis kpli wo.
Eye Yehowa ƒe dɔla tso Gilgal va Boxim gblɔ bena: Mekplɔ mi tso Egipte va anyigba, si ŋu meka atam ɖo na mia fofowo gblɔ be, nyematu nye nu, si mebia kpli mi, akpɔ gbeɖe o la dzi;