Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 4:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Heyi ko, makpe ɖe ŋuwò naƒo nu, eye mafia nusi nagblɔ la wò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Azɔ la, yii, elabena makpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si nàgblɔ la na wò.”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 4:12
20 Mawu Ofanana  

Edɔ eƒe dɔla Mose kple Aron, si wòtia la ɖa.


Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye; wò gbɔgbɔ nyui la nekplɔm to anyigba sɔsɔe dzi!


Miganɔ abe sɔ kple tedzisɔ, siwo nunya mele tagbɔ na o la ene o; woƒe atsyɔ̃ɖonu enye ka kple numega, si wotsɔna mlã woe, hafi woate ɖe ŋuwò.


Eye wògblɔ bena: Manɔ anyi kpli wò! Eye esia anye dzesi na wo bena, nyee dɔ wò: Ne èkplɔ dukɔ la dzoe tso Egipte la, ekema miasubɔ Mawu le to sia dzi.


Eye wògblɔ bena: Taflatse, Aƒetɔ, ɖi amea ɖe do boŋ.


Ekema naƒo nu kplii, eye natsɔ nyawo ade enu, eye nye la makpe ɖe mia ŋu miaƒo nu, eye mafia nusi miawɔ la mi.


Eya naƒo nu kple dukɔ la ɖe tewòƒe, eye wòanye wò nu; ke wò la nanɔ Mawu teƒe nɛ.


Ewo nye nu abe yi ɖaɖɛ ene, eɣlam ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te, eye wòtsɔm wo aŋutrɔ biɖoe hetsɔm ƒo ɖe eƒe daku me.


Aƒetɔ Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam, ne manya alesi matsɔ nuƒoƒo akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te la ŋui. Enyɔam ŋdi sia ŋdi, eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.


Eye Yehowa do eƒe asi ɖa hetɔ nu nam, eye Yehowa gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo le nuwo ɖem.


Eye Mose gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Yehowae dɔm, be mawɔ dɔ siawo katã, eye menye nye ŋutɔ nye dzimee wotso o.


Eye ne wokplɔ mi de asi la, migatsi dzimaɖi da ɖi ɖe nusi gblɔ ge miala ŋuti o; ke boŋ nusi woana mi le gaƒoƒo ma dzi la, eya miagblɔ; elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae.


Eye wòva ve me bena, esi wòle gbe ɖom ɖa le teƒea ɖe, eye wòdzudzɔ la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mi, abe alesi Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.


Ke nyaxɔɖakɔla, Gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.


kple nye hã lanye, bena ne meke nu la, woatsɔ nya nam, bene makpe dzideƒo ana woanya nyanyuie la ƒe nya ɣaɣla,


Mele nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wo tso wo nɔviwo dome abe wò ene, eye wòagblɔ gbe, siwo katã meɖe asi nɛ la, na wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa