Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 37:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Kerubiawo klẽ aʋala ɖo ta dzi, eye woƒe aʋalawo bi ɖe nutsyɔnu la dzi; wodze ŋgɔ wo nɔewo, eye wode mo to ɖe nutsyɔnu la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Kerubi eveawo dze ŋgɔ wo nɔewo, wokeke woƒe aʋalawo ɖe “Amenuveveteƒe” la dzi, eye wode mo to ɖe edzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 37:9
15 Mawu Ofanana  

Eye wòku drɔ̃e kpɔ atsrɔea ɖe tɔ anyigba, eye eƒe nugbɔ de dziƒo, eye wòkpɔ mawudɔlawo le eflɔm le dzi yim gale ɖiɖim.


Tete wònyã ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu.


Eye wòtsɔ Kerubiawo ɖo xɔ la me; Kerubiawo ke aʋalawo me, ale be Kerubi ɖeka ƒe aʋala tɔ gli la ƒe ati, eye evelia ƒe aʋala ɖatɔ gli la ƒe afime, eye woƒe aʋalawo va kpe wo nɔewo le xɔ la titina.


Eye Kerubiawo naklẽ aʋala aɖo ta dzi, ale be woƒe aʋalawo nabi ɖe nutsyɔnu la dzi; wòadze ŋgɔ wo nɔewo, eye woade mo to ɖe nutsyɔnu la dzi.


Eye wòtsɔ xé kpa kplɔ̃ la; edidi abɔklugui eve, keke abɔklugui ɖeka, eye wòkɔ abɔklugui ɖeka kple afã.


Kerubi ɖeka le go si dzi, eye Kerubi evelia le go keme dzi, ale Kerubiawo le nutsyɔnu la ƒe go eveawo dzi.


Serafiwo le eta me, wo dome ɖesiaɖe to aʋala adeade, wotsɔ wo ame eve tsyɔ ŋku me, wotsɔ eve tsyɔ afɔ, eye wotsɔ wo ame eve le dzodzomee.


Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Míakpɔ dziƒo nuvo, eye mawudɔlawo anɔ dzi liam, eye woanɔ ɖiɖim ɖe Amegbetɔvi la dzi.


Ke mí katã mietso ŋku, si wometsyɔ nui o la, kpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe abe ahũhɔ̃e me ene, eye wotrɔa míaƒe nɔnɔme ɖe nɔnɔme ma ke me tso ŋutikɔkɔe me yi ɖe ŋutikɔkɔe me, abe alesi wòtso Gbɔgbɔ ƒe Aƒetɔ la gbɔ ene.


bene azɔ la woato hame dzi ana dziɖulawo kple ŋusẽtɔ, siwo le dziƒonutowo me la nanye Mawu ƒe nunya bubu ƒomevi geɖe la


Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu bubu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi,


Eye edze ƒã bena, gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la: Mawu ɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le Gbɔgbɔ me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbe ƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.


Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?


Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa