Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 36:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wòxɔ nudzɔdzɔ, siwo katã Israel-viwo na, bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe la, le Mose si. Ke woganɔa nunanawo tsɔm vɛ nɛ le wo ɖokui si ŋdi sia ŋdi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Mose tsɔ nu siwo Israelviwo dzɔ la na wo bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe. Nudzɔdzɔ bubuwo gavana ŋdi sia ŋdi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 36:3
11 Mawu Ofanana  

Magblẽ anyigba dzi ame vɔ̃ɖiwo katã ŋdi sia ŋdi, ne matsrɔ̃ nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã ɖa le Yehowa ƒe du la me.


eye nalé to de nye ɣlidodo ŋu, fianye kple Mawunye, elabena wòe mele gbe dom ɖa na.


Amegãwo tsɔ soham-kpe kple kpe xɔasiwo vɛ, bena woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu la ŋu;


Eye Israel-viwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiwo lɔ kple dzi faa la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa, bena woatsɔ awɔ dɔ, si Yehowa de se na Mose, be wòawɔ la.


Eye Mose yɔ Bezaleel kple Oholiab kpakple aɖaŋutɔ, siwo katã ƒe tagbɔ Yehowa de nunyae, amesiwo katã woƒe dzi dɔ, bena woava awɔ dɔ la.


Eye aɖaŋutɔ, siwo katã le kɔkɔeƒe la ŋu dɔwo wɔm la, dome amesiame tso le eƒe dɔ, si wɔm wòle la gbɔ,


Dzinyee fiawo tonu ɖua fia eye amegãwo ɖea se dzɔdzɔe.


Aƒetɔ Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam, ne manya alesi matsɔ nuƒoƒo akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te la ŋui. Enyɔam ŋdi sia ŋdi, eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.


Dawid ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔ esi: Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe ŋdi sia ŋdi, eye mixɔ amesiwo woda adzoe la, tso ŋutasẽla si me, ne nye dziku magalé abe dzo ene, eye wòabi woade tsitsi ge ado kpoe le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ta o!


Mina dzudzɔ nade dzi ɖe abolo ʋaʋã ŋu, ne wòanye akpedavɔsa; miɖe gbe ƒã be, woana nu faa, midee sesĩe, elabena alea vivia mi Israel-viwo nu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa