2 Dzra ɖo vaseɖe etsɔ, eye etsɔ ŋdi la nalia Sinai-to la, eye nanɔ dzɔyem le to la tame.
2 Dzra ɖo etsɔ ŋdi nàva kpɔm le Sinai to la dzi.
ne wòasu te le ŋkeke etɔ̃agbe; elabena le ŋkeke etɔ̃agbe Yehowa aɖi va Sinai-to la dzi le dukɔ blibo la ƒe ŋku me.
Eye dzudzɔ bia Sinai-to blibo la, elabena Yehowa ɖi va edzi le dzo me; eye dzudzɔ la ɖe dzi abe aŋɔɖaƒe dzudzɔ ene, eye to blibo la le ʋuʋum ŋutɔ.
Tete Yehowa ɖi va Sinai-to la tame, eye Yehowa yɔ Mose, be wòava Sinai-toa tame, eye Mose ha to la.
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ɖi yi, ne mia kple Aron miava; ke nunɔlawo kple dukɔ la megagbɔ liƒo la me, ava Yehowa gbã le toa dzi, bena Yehowa nagaɖe gbe ɖe wo dzi o.
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Va gbɔnye le to la dzi, eye natsi anyi, ne matsɔ kpe, siwo dzi meŋlɔ ɖoɖoawo kple seawo ɖo, bena nafia wo la, na wo!
Ale mede ta agu na Yehowa, eye metsi nenema ŋkeke blane kple zã blane, le esi Yehowa gblɔ be, yeatsrɔ̃ mi ta.