Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 32:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Wote ɖa enumake le mɔ, si meɖo na wo la dzi, wokɔ nyivi na wo ɖokui, eye wode ta agu nɛ hesa vɔ nɛ gblɔ bena: Israel, esia enye wò mawu, si kplɔ wo tso Egipte-nyigba la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 eye woɖe asi le nye seawo katã ŋu enumake. Wowɔ sikanyivilegba aɖe na wo ɖokuiwo. Wole esubɔm, le vɔ sam nɛ, eye wole gbɔgblɔm be, ‘O Israel, esiae nye wò mawu si kplɔ wò tso Egipte.’ ”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 32:8
18 Mawu Ofanana  

Tete fia la de adaŋu hewɔ sikanyivi eve, eye wògblɔ na wo bena: Miede Yerusalem wòsɔ gbɔ azɔ! Israel, kpɔ ɖa, wò mawu, siwo kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, wonye si.


Esi wokɔ nyivi na wo ɖokui hegblɔ bena: esia nye wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte, eye wobɔ ahɔhlɔ̃ ga hã la,


Wowɔ nyivi le Xoreb gbɔ, eye wode ta agu na legba kɔkɔ la.


Wovivi nume nɛ kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe aɖe da alakpa nɛ;


Migawɔ mawu bubua ɖeke kpe ɖe ŋunye o; migawɔ ɖeke o, eɖanye klosalolegba alo sikalegba o.


Megate amedzro ɖe anyi o eye megasẽ ŋuta le eŋu o; elabena miawo hã míenye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi.


Eye wòxɔ wo le wo si, eye wotsɔ pɛ wɔ nyivi ƒe nɔnɔme, eye wòkɔe. Tete wogblɔ bena: Israel, esia nye wò mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi.


Megabla nu kple anyigbadzitɔwo gbeɖegbeɖe o; elabena ne wole woƒe mawunuwo wɔm, eye wosa vo na woƒe mawuwo la, ekema woayɔ wò, be nava du woƒe vɔsanuawo,


Wo, amesiwo dudua sika tsoa kotoku me ɖe anyi, eye wodaa klosalo le nudanu me, woɖatsɔa gbeɖe, ne woatsɔe awɔ mawu, si woadze klo ade ta agu na.


Manɔ abe nusi mebia kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu, be makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, nubabla, si wotu, eye nye hã megbe wo la ene o, Yehowa ye gblɔe;


Womegatsɔ woƒe lãwo sa vɔ na azizã, siwo wosubɔna la o. Ɖoɖo mavɔ wòanye na wo kple woƒe dzidzimeviwo.


Wosa vɔ na trɔ, siwo menye mawuwo o, kple mawu, siwo womenya o, kpakple nu yeye, siwo meli tsã o, nusiwo ŋu mia fofowo medzi ŋɔ le o.


Eye Yehowa gblɔ nam bena; Netsɔ naɖi ayi, elabena wò dukɔ, si nèkplɔ tso Egipte la, wɔ nu gbegblẽ, wote ɖa le mɔ, si meɖo na wo la dzi enumake, eye wokɔ legba na wo ɖokui.


Eye mekpɔ bena, miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu, miekɔ nyivi na mia ɖokui, eye miete ɖa le mɔ, si Yehowa ɖo na mi la dzi enumake.


Esi wova Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la gbɔ le Gilead-nyigba dzi la, wogblɔ na wo bena:


Ke womeɖo to woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo o, eye wodze mawu bubuwo yome de ta agu na wo, wote ɖa le mɔ, si dzi wo fofowo zɔ heɖo to Yehowa ƒe seawo la dzi, eye womewɔ nenema o.


Gideon gblɔ na wo bena: Nu ɖeka biam mele tso mia si, mia dome amesiame netsɔ togɛ, siwo woha la nam. Ismaeltɔwo wonye, eyata woɖo sikatogɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa