Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 32:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Tso, ɖi yi; elabena wo dukɔ, si nekplɔ tso Egipte-nyigba dzi la, wɔ nu gbegblẽ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi kaba, elabena wò ame siwo nèkplɔ tso Egipte la dze nu vɔ̃ me,

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 32:7
17 Mawu Ofanana  

Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Uziya wɔ pɛpɛpɛ ene, negbe ɖeko eya mege ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o. Ke dukɔ la gale nu gbegblẽ wɔwɔ dzi ɖaa ko.


Wovivi nume nɛ kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe aɖe da alakpa nɛ;


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ɖi yi, ne mia kple Aron miava; ke nunɔlawo kple dukɔ la megagbɔ liƒo la me, ava Yehowa gbã le toa dzi, bena Yehowa nagaɖe gbe ɖe wo dzi o.


Esi dukɔ la kpɔ bena: Mose mele gbɔgbɔm tso toa dzi o la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Aron ŋu, eye wogblɔ nɛ bena: Netsɔ, wɔ mawu na mí, si azɔ mía ŋgɔ; elabena Mose, ŋutsu ma, si kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la, mienyã nusi gɔ̃ wɔe o.


Ke Mose ƒo koko na Yehowa, eƒe Mawu la, gblɔ bena. Yehowa, nukaŋuti wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ, si nẽkplɔ tso Egipte-nyigba dzi kple ŋusẽ gã kpakple asi sesẽ la ŋuti mana?


Eye wòxɔ wo le wo si, eye wotsɔ pɛ wɔ nyivi ƒe nɔnɔme, eye wòkɔe. Tete wogblɔ bena: Israel, esia nye wò mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Heyi, eye mia kple dukɔ, si nekplɔ tso Egipte-nyigba dzi la, miadzo le afisia ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob gblɔ bena: woƒe dzidzimeviwo màtsɔe ana la dzi!


Baba na mi anyigba dzi nɔlawo, dukɔ, si dzi fɔɖiɖi li kɔ ɖo, vodalawo ƒe viwo, vi gbegblẽ wo! Wogblẽ Yehowa ɖi, wodo ɖiŋu na Israel ƒe kɔkɔeto la, eye wogbugbɔ ɖe megbe.


Kwasiɖa blaaɖre woɖo ɖe wò dukɔ kple wò du kɔkɔe la ŋu, ne woaxe mɔ na dzidada, eye woatsi nuvò nu, woalé avu ɖe vodada nu, eye woahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ, woaɖo kpe ŋutega kple nyagblɔɖiwo dzi, eye woakɔ nu kɔkɔetɔ ŋu.


Wogbẽ wòtso me abe le Gibea ŋɔli ene; ado ŋu woƒe vodadawo, eye wòahe to le woƒe nuvɔ̃wo ta.


Elabena menyae bena, miele gbegblẽ ge ɖe dzi le nye ku megbe, eye miate ɖa le mɔ, si metia mi la dzi, eye dzɔgbevɔ̃e ava mia dzi emegbe, le esi miewɔ vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye mietsɔ miaƒe asiwo wɔ nu hedo dziku nɛ ta.


Wowɔ nu tovo ɖe eŋu ŋukpenanu wonye, eye womenye viawo o; dzidzime baɖa kple ame gbegblẽwo wonye!


ne miagawɔ vɔ ayi legba wɔ ge na mia ɖokui o, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu ƒe nɔnɔmea ɖeke o;


Eye Yehowa gblɔ nam bena; Netsɔ naɖi ayi, elabena wò dukɔ, si nèkplɔ tso Egipte la, wɔ nu gbegblẽ, wote ɖa le mɔ, si meɖo na wo la dzi enumake, eye wokɔ legba na wo ɖokui.


Mieɖo dziku na Yehowa le Xoreb gbɔ, eye Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia ŋu be, yeatsrɔ̃ mi.


Ke ne ʋɔnudrɔ̃la la ku la, ekema wotrɔna, eye wogblẽna de dzi wua wo fofowo, wodzea mawu bubuwo yome, subɔa wo hedea ta agu na wo, eye womedea asi le woƒe nuwɔwɔ kple tamesesẽ ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa