Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 32:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miewɔ nuvɔ̃ gã ŋutɔ, eyata malia to la ayi Yehowa gbɔ, ɖewo mate ŋu alé avu ɖe miaƒe nuvɔ̃wo ta mahĩ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na Israelviwo be, “Miewɔ nu vɔ̃ gã aɖe, ke magbugbɔ ayi Yehowa gbɔ le to la dzi. Ɖewohĩ mate ŋu ana wòatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 32:30
22 Mawu Ofanana  

Nukaŋuti nèdo vlo Yehowa ƒe gbe hewɔ nu vɔ̃ɖi sia le eƒe ŋku me? Ewu Uriya, Xititɔ la, kple yi, eye nèxɔ srɔ̃a ɖe; ke ètsɔ Amon-viwo ƒe yi wu eya ŋu tɔe.


Ɖewohĩ Yehowa akpɔ nye hiã la nam, eye Yehowa atsɔ nyui aɖo ɖiŋu, si wòɖo nam egbe la teƒe.


Elabena Israel fe eɖokui da le Dawid ƒe aƒe la ŋu, eye wotsɔ Yerobeam, Nebat vi la, ɖo fiae, eye Yerobeam ɖe Israel ɖa tso Yehowa ŋu heble wo de nuvɔ̃ gã me.


Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome eye Samuel le amesiwo yɔa eƒe ŋkɔ la dome. Woyɔ Yehowa, eye wòɖo to wo.


Eye Mose gblɔ bena: Mitsɔ vɔsanu vɛ na Yehowa, bena yayra nava mia dzi egbea; elabena ŋutsu sia ŋutsu tsi tre ɖe viaŋutsu kple nɔvia ŋu.


Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui, eye mifɔ nya dzɔdzɔe ɖe tsitrenu le ʋɔnu, amea ɖe menya nu o Yehowa, Mawu Zebaot, ave Yosef ƒe ame mamleawo nu.


Amea ɖe menya nu o Mawu atrɔ ta me, avee, eye eƒe dɔmedzoe heliheli la nu afa, be miatsrɔ̃ o hĩ!


eye metso nunɔladɔ la de asi na eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, elabena ena ŋu ɖe eƒe Mawu nu, eye wòlé avu na Israel-viwo.


Matsi tre, eye mayi fofonye gbɔ, eye magblɔ nɛ bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò.


Eyaŋuti mele egblɔm na wò bena: Wotsɔ eƒe nuvɔ̃, siwo sɔ gbɔ la kee, elabena elɔ̃ geɖe; ke amesi wotsɔ ʋee kee la, ʋee ko wolɔ̃na.


Elabena medi bena, nye ŋutɔ mazu busu tso Kristo gbɔ ɖe nɔvinyewo, ƒonyemeawo le ŋutilã nu la ta;


Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“


amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la,


Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.


Alo menye fifi enye luŋeɣi oa? Ke mele Yehowa yɔ ge, eye wòana dzi naɖe gbe, eye tsi nadza, ne miadze sii, eye míakpɔe bena, miaƒe nu vlo, si miewɔ le Yehowa ŋku me hebia fia la, tri akɔ.


Eye dukɔ blibo la gblɔ na Samuel bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, ɖe wò dɔlawo ta, ne míagaku o! Elabena miewɔ nu vlo hetsɔ ƒu míaƒe nuvowo katã dzi be, miebia fia.


Eye Samuel gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o! Mienyã wɔ nu vlo siawo katã hafi, gake ɖeko migate ɖa le Yehowa ŋu o, eye misubɔ Yehowa tso miaƒe dzi blibo me!


Ke nede megbe xaa tso nye hã gbɔnye, be matasi kukuɖeɖe ɖe mia ta, eye magbe mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe fiafia mi ahawɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu!


Eye dɔlawo ƒe vodada sɔ gbɔ le Yehowa ŋku me, elabena woɖi gbɔ Yehowa ƒe vɔsa le ameawo ŋku me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa