3 Tete dukɔ blibo la ɖe sikatogɛ, siwo le woƒe towo, eye wotsɔ wo vɛ na Aron.
3 Ale wo katã woɖe woƒe sikatogɛwo tsɔ vɛ na Aron.
Esi kposɔwo ɖi kɔ la, ŋutsu la tsɔ sikaŋɔtigɛ, si da sekel afã, kple alɔnugɛ eve, siwo da sekel ewo la, do nɛ.
Tete wotsɔ dzromawu, siwo katã le wo si, kple woƒe togɛwo na Yakob, eye Yakob ɖi wo ɖe ati gã, si le Sixem gbɔ la te.
Aron gblɔ na wo bena: Miɖe sikatɔgɛ, siwo le mia srɔ̃wo, mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo ƒe towo, eye mitsɔ wo vɛ nam.
Eye wòxɔ wo le wo si, eye wotsɔ pɛ wɔ nyivi ƒe nɔnɔme, eye wòkɔe. Tete wogblɔ bena: Israel, esia nye wò mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi.
Tete Israel-viwo ɖe woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖi tso Xoreb-to la gbɔ.
togɛwo, abɔkpowo kple moxevɔwo,
Wo, amesiwo dudua sika tsoa kotoku me ɖe anyi, eye wodaa klosalo le nudanu me, woɖatsɔa gbeɖe, ne woatsɔe awɔ mawu, si woadze klo ade ta agu na.
Wotsɔ klosalo, si woƒo gbabɛ la, tso Tarsis vɛ, kple sika tso Ofir; aɖaŋua ƒe dɔwɔwɔ wònye kple sikanutula ƒe asinudɔwɔwɔ, woƒe avɔtata nye aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ; aɖaŋua ƒe dɔwɔwɔ wo katã wonye!