Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 32:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Esi Mose kpɔ bena, dukɔ la wɔ yakanu, elabena Aron ye do lã wo, be woƒe futɔwo naɖu fewu le wo ŋu la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Esi Mose kpɔ be ameawo lé woƒe mɔ tsɔ to Aron ƒe ŋusẽdoame me, eye yewoƒe futɔwo nɔ dzidzɔ kpɔm le nu sia ŋu la,

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 32:25
17 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu nɛ bena: Mese ŋkɔwò le abɔa me, eye meva; elabena mele amama, eye meɣla ɖokuinye.


Tete fia la de adaŋu hewɔ sikanyivi eve, eye wògblɔ na wo bena: Miede Yerusalem wòsɔ gbɔ azɔ! Israel, kpɔ ɖa, wò mawu, siwo kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, wonye si.


Eye wòatsɔ Israel ade asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, si wòwɔ hetsɔ ble Israel la ŋuti.


Elabena Yehowa baba Yuda ɖe anyi le Yuda fia Axaz ta, elabena ena Yuda dze ha, eye meɖi anukware na Yehowa o.


Mose tsi tre ɖe asaɖa la ƒe agbo nu gblɔ bena: Amesi ke le Yehowa dzi, neva gbɔnye afi! Tete Lewi-viwo katã ƒo ƒu va egbɔ.


Ne nyagblɔɖi meli o la, dukɔ tsia bodome; ke ne edzra sea ɖo la, woayrae.


Wò ama adze go, eye woakpɔ wò ŋukpeƒe. Mabia hlɔ̃, eye amea ɖeke matso mía dome o.


Eyata mayi ame ŋkutawo gbɔ, eye maƒo nu kpli wo; elabena woawoe nya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu ƒe se la me. Ke wo katã wòŋe kɔkuti la, eye wotso kaawo!


ne naɖo ŋui, ŋukpe nalé wò, eye wò nu nade ga le ŋukpe ta, nenye be, metsɔ nusiwo katã nèwɔ la, ke wò, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ.


Miyɔ mia nɔviŋutsu be „Dukɔnye“, eye mia nɔvinyɔnu be „Ame lɔlɔ̃e“.


Mi Safirtɔwo, miɖe ama miaʋu adzo; Zaanantɔwo mele dzodzo ge o; mifa konyi le Bet-Haezel, elabena mia gbɔe wòdze aʋa ɖo!


Ekema kutsetse kae no mia si le ɣemaɣi mahã? Kutsetse, siwo kpea ŋu na mi azɔ; elabena nu kemawo ƒe nuwuwu enye ku.


Yehowa do dɔmedzoe ŋutɔ ɖe Aron hã ŋu be, yeatsrɔ̃e; ke meɖe kuku ɖe Aron hã ta ɣemaɣi.


Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpe ƒe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa