Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 32:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Aron do ŋu bena: Nye aƒetɔ, megado dɔmedzoe o; wò ŋutɔ enye dukɔ sia bena, ame gbegblẽwo wonye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Aron ɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, mègado dɔmedzoe helĩhelĩ nenema o. Ènya ame siawo nyuie, eye ènya ameha vɔ̃ɖi si wonye.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 32:22
17 Mawu Ofanana  

Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be: Taflatse, nye aƒetɔ! Na wò dɔla naƒo nu kple nye aƒetɔ, eye megabi dzi ɖe wò dɔla ŋu o; elabena èle abe Farao ene.


Eƒe nu me nya enye vovlo kple alakpa: edzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya me kple nu nyui wɔwɔ.


eye wogblɔ na Mose bena: Esi yɔdo mele Egipte o ta, nèkplɔ mi dzoe, bena miava ku ɖe gbedzia? Nukaŋuti nèwɔ esia ɖe mía ŋuti, eye nèkplɔ mi tso Egipte?


Eye dukɔ la li Mose ŋu gblɔ bena: Nuka no ge míala?


Ke womeɖo to Mose o, eye amea ɖewo gblẽe ɖi ŋu ke ɖe edzi; gake wòdze nyẽ, eye wòƒaƒã. Tete Mose do dɔmedzoe ɖe wo ŋu.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Zi nenie miagbe toɖoɖo nye sewo kple nye ɖoɖowo mahã?


Esi dukɔ la kpɔ bena: Mose mele gbɔgbɔm tso toa dzi o la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Aron ŋu, eye wogblɔ nɛ bena: Netsɔ, wɔ mawu na mí, si azɔ mía ŋgɔ; elabena Mose, ŋutsu ma, si kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la, mienyã nusi gɔ̃ wɔe o.


Eye Mose gblɔ; na Aron bena: Nuka dukɔ sia wɔ wò, bena nèhe vɔ gã sia va wo dzi ale?


Elabena woawo la, ne womewó vɔ o kpea, wometea ŋu ɖɔa alo o, eye ne womeƒu ame anyi o la, alɔ̃dɔdɔ buna ɖe wo.


Elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialia. Kpɔ ɖa, ŋkeke alesi menɔ mia gbɔ la, miesẽ to ɖe Yehowa ŋu vaseɖe fifi; evɔ, ne meku ɖe?


Tso esime menya mi la, to kokoko sẽm miele ɖe Yehowa ŋu.


Ɖo ŋku edzi, eye megaŋlɔ alesi nèɖo dɔmedzoe na Yehowa, wò Mawu, le gbedzi la be o! Miesẽ to ɖe Yehowa ŋu, tso gbesigbe ke mieʋu tso Egipte, vaseɖe esime mieva teƒe sia.


Saul ɖo ŋu bena: Amalekitɔwo gbɔ wokplɔ wo tsoe, elabena dukɔ la kpo alé kple nyi nyuiwo ta, be woatsɔ asa vo na Yehowa, wò Mawu la, ke mietsrɔ̃ kpɔtɔeawo gbidigbidi.


Negbe dukɔ la koe ha alẽwo kple nyiwo, siwo nye busunuawo ƒe nyuitɔwo, be woatso asa va na Yehowa, wò Mawu la, le Gilgal.


Saul gblɔ na Samuel bena: Mewɔ nuvɔ̃ be, meda Yehowa ƒe se kple wò nyawo dzi; elabena ɖe mevɔ̃ dukɔ la, eyata mese woƒe gbe ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa