Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 32:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye Mose gblɔ; na Aron bena: Nuka dukɔ sia wɔ wò, bena nèhe vɔ gã sia va wo dzi ale?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Mose bia Aron be, “Nu ka tututu ameawo wɔ wò be nèhe nu vɔ̃ triakɔ sia va wo dzi?”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 32:21
11 Mawu Ofanana  

Tete Abimelex yɔ Abraham, eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Nuvɔ̃ ka gɔ̃ mewɔ de ŋuwò bena, nèhe dzɔgbevɔ̃e gã sia va nye ŋutɔ kple nye fiaɖuƒe la dzi mahã? Nusi womewɔna o la, eya nye esia nèwɔ ɖe ŋutinye.


Eye Abimelex gblɔ nɛ bena: Nuka enye si nèwɔ ɖe mía ŋu? Esusɔ vie vinyewo dometɔ ɖeka de asi srɔ̃wòa ŋu kloe, eye ahe dzɔgbevɔ̃e gãa ɖe ava mía dzi.


Eye wòatsɔ Israel ade asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, si wòwɔ hetsɔ ble Israel la ŋuti.


Eye mawɔ wò aƒe abe Yerobeam, Nebat vi ƒe aƒe kple Baesa, Axiya vi ƒe aƒe ene, le dziku, si nèɖo nam kple alesi nèble Israel de nuvɔ̃ me la ta.


Eye; wòxɔ nyivi, si wowɔ la, eye wofiãe. Kple dzo hetui memee, emegbe woɖee tsi me, eye wòna Israel-viwo noe.


Aron do ŋu bena: Nye aƒetɔ, megado dɔmedzoe o; wò ŋutɔ enye dukɔ sia bena, ame gbegblẽwo wonye.


Ke Samuel gblɔ bena: Alẽwo kple nyiwo ƒe xɔxlɔ̃ ka nye esi le ɖiɖim ɖe to me nam mele sesem?


Azɔ nye aƒetɔ nese eƒe dɔla ƒe nyawo dzro: Nenye Yehowae do wò ɖe ŋunye la, ekema axɔ vɔsa aʋẽ ase, ke nenye amegbetɔviwoe la, ekema aɖi wo ŋu le Yehowa ŋku me, elabena wonyãm egbe, be nyemagakpɔ gome le Yehowa ƒe anyigba dzi o hegblɔ bena: Yi ɖasubɔ mawu bubuwo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa