Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 32:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Mawu ŋutɔe kpa kpeawo, eye Mawu ŋutɔe ŋlɔ nuawo ɖe wo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Mawu ŋutɔe kpa kpeawo, eye wòŋlɔ Seawo ɖe kpeawo dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 32:16
12 Mawu Ofanana  

woatsɔ ganuŋlɔnu aɖe wo ɖe agakpe dzi, eye woade wo me, kple tsumi!


Eye esi wòƒo nu kple Mose le Sinai-toa dzi vɔ la, etsɔ kpe eveawo, siwo dzi sea le la ne, kpe, siwo dzi Mawu ŋutɔ tsɔ eƒe asibide ŋlɔ nui ɖo.


Eye Mose trɔ heɖi tso to la dzi, eye kpe eve, siwo dzi woŋlɔ seawo ɖo la, le esi; woŋlɔ nu ɖe kpeawo ƒe axawo kple eve.


Esi Yosua se dukɔ la ƒe ɣli la, egblɔ na Mose bena: Aʋaɣli le ɖiɖim le asaɖa la me!


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpe kpe eve nyuie abe gbãtɔwo ene, eye maŋlɔ kpe gbãtɔ, siwo negbã la, ƒe nyawo ɖe wo dzi.


Eye Mose kpɔ kpe ete nyuie abe gbãtɔwo ene, eye wòfɔ ŋdi kanya helia Sinai-to la, abe alesi Yehowa de se ne ene, eye wotsɔ kpe eveawo ɖe asi.


elabena edze ƒã bena, míenye Kristo ƒe agbalẽ, si wotsɔ míaƒe subɔsubɔdɔ wɔe, si wometsɔ agbalẽŋlɔtsi ŋlɔe o, ke boŋ Mawu gbagbe ƒe Gbɔgbɔ lae wotsɔ ŋlɔe; womeŋlɔe ɖe nuŋlɔkpewo dzi o, ke ɖe nuŋlɔkpe, siwo nye ŋutilã ƒe dziwo la dzi boŋ.


Ke ne ku ƒe subɔsubɔdɔ, si le agbalẽŋlɔdzesiwo me, si woŋlɔ ɖe kpewo dzi la, kpɔ ŋutikɔkɔe ale gbegbe bena Israel-viwo mete ŋu lé ŋku ɖe Mose ƒe ŋku me le eƒe ŋku me ŋutikɔkɔe, si nu tsi la ŋuti o la,


Eye Yehowa gblɔ nam ɣemaɣi bena: Kpa kpe eve abe gbãtɔwo ene, eye nava gbɔnye le to la dzi, eye natsɔ ʋuƒo akpa aɖaka,


Tete metrɔ heɖi tso to la dzi, le esime dzo le dzi ɖem le to la nu, eye melé nubabla ƒe kpe eveawo ɖe nye asiawo kple eve.


Elabena esia nye nu, si mabia kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe ta me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo me, eye manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa