Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 32:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ɖo ŋku wò dɔla Abraham, Isak kple Israel dzi, amesiwo neka atam na, eye nègblɔ na wo bena: Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba blibo sia, si ŋugbe meɖo ta, ana miaƒe dzidzimeviwo, bena wòanye wo tɔ tegbee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Ɖo ŋku wò ŋutɔ wò ŋugbe si nèdo na wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Israel la dzi, elabena ètsɔ wò ŋutɔ wò ŋkɔ ka atam be, ‘Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã si ŋugbe medo la ana miaƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.’ ”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 32:13
23 Mawu Ofanana  

Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae.


Le ŋkeke ma dzi Yehowa bla nu kple Abram gblɔ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia, si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu ana:


Eye wòkplɔe yi ɖe xexe gblɔ nɛ bena: Kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo, ne ate ŋu axlẽ wo la. Eye wògblɔ nɛ bena: Nenema wò ƒome anɔ.


Eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Yehowa, si kplɔ wò tso Ur le Kaldea, bena matsɔ anyigba sia na wò, ne wòanye wò domenyinu.


Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo.


hegblɔ bena: Mefa ɖokuinye, elabena esi nèwɔ nu sia, eye mete wò tenuvi ɖeka lam o la,


eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Yehowa, dziƒo Mawu, si ɖem tso fofonye ƒe me kple mia denyigba dzi, amesi ƒo nu kplim, eye wòka atam nam bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana la, adɔ eƒe ɖɔla ɖe ŋgɔwò, be naɖe srɔ̃ na vinye la tso afima


mawudɔla, si ɖem tso nye hiãwo katã me la, ayra ɖeviawo eye woayɔ nye ŋkɔ kple fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔ ɖe wo ŋu, wòadzi ɖe dzi, eye woasɔ gbɔ le anyigba la dzi.


Ne Yehowa akplɔ wò ava Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi, abe alesi wòka atam mia kple fofowòwo ene, eye wòatsɔe na wò la,


Ne Yehowa akplɔ wò ava Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi la, ekema naɖo ŋku subɔsubɔ sia dzi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Heyi, eye mia kple dukɔ, si nekplɔ tso Egipte-nyigba dzi la, miadzo le afisia ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob gblɔ bena: woƒe dzidzimeviwo màtsɔe ana la dzi!


ekema mado ŋku nu, si mebia kple Yakob, Isak kple Abraham la dzi, eye maɖo ŋku anyigba la dzi.


Yehowa, mia Mawu, na, miedzi ɖe dzi, eye azɔ miesɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


ke boŋ esi Yehowa lɔ̃ mi, eye wòwɔ eƒe atam, si wòka na mia fofowo dzi ta Yehowa tsɔ asi sesẽ kplɔ mi tso kluvinyenyeƒe me, eye wòɖe mi tso Farao, Egipte-fia si me.


Ɖo ŋku wò dɔlawo Abraham, Isak kple Yakob dzi, eye megaɖo ŋku dukɔ sia ƒe tamesesẽ, nuvlowɔwɔ kple nuvɔ̃ dzi o;


Elabena esime Mawu na ŋugbedodo Abraham la, le esi amea ɖeke megalolo de enu, ne wòatà o ŋuti la, età ye ŋutɔ ɖokui


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa