Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 30:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ne ètia Israel-viwo xlẽ la, ekema amesiwo netia la, naxe fe ɖe woƒe agbe ta, bena dɔ vɔ̃ɖia ɖeke magaɖo wo dome, le esi woxlẽ wo la ta o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 “Ɣe sia ɣi si nàxlẽ Israelviwo la, ele be ame sia ame si woaxlẽ la, naxe fe na Yehowa ɖe eƒe agbe ta, ale be dɔvɔ̃ manɔ ameawo dome ne èle wo xlẽm o.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 30:12
21 Mawu Ofanana  

Eye Satana tsi tre ɖe Israel ŋu, eye woble Dawid, be woaxlẽ Israel.


dɔwuame ƒe etɔ̃ loo, alo nasi le wò ketɔwo nu dzinu etɔ̃, eye wò futɔwo ƒe yi naɖe wò ɖe nu loo, alo Yehowa ƒe yi kple dɔvɔ̃ nanɔ anyigba dzi ŋkeke etɔ̃, eye Yehowa ƒe dɔla nawu ame le Israel-nyigba blibo la dzia? Azɔ bu eŋu, alesi maɖaɖo eŋu na amesi dom ɖa!


Tete Yehowa na dɔvɔ̃ va Israel, eye ame akpe blaadre ku le Israel.


Yoab ɖo ŋu bena: Nye aƒetɔ fia, ne Yehowa na eƒe dukɔ la dzi ɖe dzi zi alafa wu alesi wòle hã la, ɖe menye nye aƒetɔ ƒe dɔlawo ko wo katã wonye oa? Nukaŋuti nye aƒetɔ le nusia tugbe dim, eye nukaŋuti wòatrɔ zu fɔɖiɖi na Israel?


Yoab, Zeruya vi, de asi wo xexlẽ me, ke mewu enu o, elabena eyatae dɔmedzoe va Israel dzi ɖo; eya ŋuti womede xexlẽme la fia Dawid ŋutinya me o.


Tete fia la yɔ Yoyada, si nye tatɔ la, eye wògblɔ nɛ bena: Nukaŋuti meɖi tso Lewi-viwo si be, woaɖaxɔ Yehowa ƒe dɔla Mose ƒe adzɔ, si wòɖo na Israel ƒe ameha la ɖe Mawu ƒe agbadɔ la ŋu la, tso Yuda kple Yerusalem si oa?


Eye wòna woɖe gbe ƒã le Yuda kple Yerusalem be, woatsɔ Mawu ƒe dɔla Mose ƒe adzo, si wòɖo na Israel le gbe dzi la, vɛ na Yehowa.


eye wòve enu hegblɔ bena: Ɖee, ne magayi yɔdo me o, elabena wolé avum la,


Elabena dɔmedzoe megaflu wò nayi fewu ɖu ge o, eye tawòƒlega gbogboawo megakplɔ wò trae o.


Amesiwo le dzi ɖom ɖe woƒe nuwo ŋu, eye wotsɔ woƒe kesinɔnu gbogboawo le adegbe ƒomi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena;


eye wogblɔ na Mose bena: Wò dolawo xlẽ aʋawɔla, siwo wode asi na mí la, eye wo dometɔa ɖeke meto le eme o.


Eyata mietsɔ sikanu, siwo amesiame ha la vɛ, be miana Yehowa, woawo nye: abɔkpowo, alonugɛwo, asigɛwo, togɛwo kple kɔdzonuwo, ne míalé avu na mía ɖokui le Yehowa gbɔ.


abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.


Elabena Amegbetɔvi la hã menye ɖe wòva bena, woasubɔ ye o; ke boŋ bena, yeasubɔ, eye bena, yeatsɔ yeƒe agbe la ana le ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.


amesi tsa eɖokui na abe fexexe ɖe amewo katã ta la ene, si nye ɖaseɖiɖi la le ye ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi la me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa