Ne anyigba dzi dukɔwo tsɔ adzɔnu kple bli vovovowo va dzadzra ge le dzudzɔgbe la, míaƒle wo le wo si le dzudzɔgbe kple ŋkeke kɔkɔewo dzi o; míana agblewo navo le ƒe adrelia me, eye míelĩ fe o.
Eye Aron natsɔ nuvɔ̃ ŋuti vɔsalã, si enye avulénu la, ƒe ʋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le eƒe dzowo ŋu zi ɖeka le ƒe ɖeka me. Zi ɖeka woaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu le ƒe ɖeka me, eye wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo; elabena nu kɔkɔetɔ wònye na Yehowa.