Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 30:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye Aron natsɔ nuvɔ̃ ŋuti vɔsalã, si enye avulénu la, ƒe ʋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le eƒe dzowo ŋu zi ɖeka le ƒe ɖeka me. Zi ɖeka woaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu le ƒe ɖeka me, eye wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo; elabena nu kɔkɔetɔ wònye na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 “Zi ɖeka le ƒe ɖe sia ɖe me la, Aron awɔ avulévɔsa na eƒe lãdzoawo. Woawɔ ƒe sia ƒe ƒe avulévɔsa kple nu vɔ̃ ƒe avulévɔsalã ƒe ʋu le dzidzimewo katã me. Enye nu kɔkɔetɔ kekeake na Yehowa.”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 30:10
18 Mawu Ofanana  

Ke Adoniya le Salomo vɔ̃m, eye wòtso yi ɖalé vɔsamlekpui la ƒe dzowo.


Eye Israel ƒe viwo tsɔ duawo kple wo ŋu lãnyiƒeawo na Lewi viwo;


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena;


Migatsɔ dzudzɔdonu bubua ɖeke va edzi migatsɔ numevɔsa alo nuɖuvɔsa va edzi o, eye migakɔ nunovɔsa hã ɖe edzi o.


Eye wòaɖe nuvɔ̃ ɖa le kɔkɔeƒe la ŋu le Israel-viwo ƒe nu makɔmakɔ wɔwɔwo kple vo, siwo woda hewɔ nuvɔ̃ la ta; eye alea wòawɔ Mawu ƒe agbadɔ, si le wo gbɔ le woƒe nu makɔmakɔ wɔwɔwo dome la hãe.


Ne edo go la, wòate ɖe vɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me la ŋu, eye wòaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu. Wòaku nyitsu la ƒe ʋua ƒe ɖe kpakple gbɔ̃tsu la ƒe ʋua ƒe ɖe asisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo ava kpe.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na nɔviwò Aron be, megayi ɖe kɔkɔeƒe la me le xɔmetsovɔ la godo le nutsyɔnu, si le aɖaka la dzi la ŋgɔ ɣesiaɣi, be wòagava ku o; elabena meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.


Ɣleti adrelia sia ƒe ŋkeke ewolia enye avulégbe, takpegbe kɔkɔe wònye na mi, míatsi nu adɔ, eye miasa dzovɔ na Yehowa.


Emegbe woatsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me le Yehowa ƒe ŋku me la, ƒe dzowo ŋu; ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe numevɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔa nu la te.


Emegbe nunɔla la natsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me, si dzi wotsɔa atike ʋeʋẽewo doa dzudzɔe ɖo la, fe dzowo ŋuti le Yehowa ƒe ŋku me ke wòatsɔ nyitsu la ƒe ʋu mamlea akɔ ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ nu la te.


amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;


eye menye bena, wòatsɔ eɖokui ano nanam agbadre, abe alesi nunɔlagã tsɔa lãʋu yina ɖe kɔkɔeƒe la me ƒe sia ƒe ene o;


Ke agbadɔ evelia la, nunɔlagã la koe dea eme, ƒe ɖeka zi ɖeka, eye meɖena ʋu, si woatsɔ ana ɖe ye ŋutɔ kple dukɔ la ƒe numanyamanya ta la, matsɔmatsɔe o;


Eye mawudɔla adelia ku kpẽ la, eye mese gbea ɖe ɖi tso sikavɔsamlekpui, si le Mawu ŋku me la, ƒe dzo eneawo gbɔ,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa