Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 30:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tso xe wo vɔsamlekpui, si dzi wòado dzudzɔ ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 “Tsɔ akasiati wɔ vɔsamlekpui aɖe si dzi woado dzudzɔ ʋeʋĩ ɖo.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 30:1
21 Mawu Ofanana  

Megbexɔ la ƒe didime le abɔklugui blave, eƒe kekeme le abɔklugui blave, eye eƒe kekeme le abɔklugui blave, wofa sika nyuitɔ de eme, eye wotso sederʋuƒo wɔ vɔsamlekpui da ɖe enu.


Efa sika ɖe xɔ blibo la ŋu vaseɖe xɔ la ƒe mlɔenu, eve wòfa sika ɖe vɔsamlekpui, si le megbexɔa nu la, ŋu blibo.


Eye Salomo wo Yehowa ƒe xɔ la me nuwo katã, siwo nye sikavɔsamlekpui la kple sikakplɔ̃, si dzi ŋkumeɖobolo nɔna;


kple sika nyuitɔ alesi atu dzudzɔdovɔsamlekpui la nu hekpe ɖe sika Kerubiawo, siwo keke aʋala hetsyɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka dzi la ƒe tasiaɖam la ŋuti.


Eye Israel ƒe viwo tsɔ duawo kple wo ŋu lãnyiƒeawo na Lewi viwo;


Ke esi ŋusẽ ɖo eŋu la, ede asi dada me, vaseɖe esime eƒe nuwɔwɔ gblẽ; meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, eye wòge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me hedo dzudzɔ le dzudzɔdovɔsamlekpui la dzi.


Eye Aron natsɔ nuvɔ̃ ŋuti vɔsalã, si enye avulénu la, ƒe ʋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le eƒe dzowo ŋu zi ɖeka le ƒe ɖeka me. Zi ɖeka woaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu le ƒe ɖeka me, eye wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo; elabena nu kɔkɔetɔ wònye na Yehowa.


Eƒe didime nanye abɔklugui ɖeka, eƒe kekeme nanye abɔklugui ɖeka, dzogoe ene me wòanɔ, eye eƒe kɔkɔme nanye abɔklugui eve; eƒe dzowo nawɔ ɖeka ɖe eŋu.


kplɔ̃ kple eŋu nuwo, sikakaɖiti kple eŋu nuwo katã kpakple dzudzɔdovɔsamlekpui la,


dzudzɔdovɔsamlekpui la kple eŋu kpoawo, ami sisi la kple dzudzɔdotike ʋeʋẽe kpakple agbadɔnuvɔ;


sikavɔsamlekpui la, ami sisi la kple dzudzɔdonu, si wotsɔ atike ʋeʋẽewo wɔe kpakple agbadɔnuvɔ la,


Eye natsɔ sikavɔsamlekpui, si dzi woado dzudzɔ ɖo, ada ɖe nubablaɖaka la ƒe ŋgɔdze, eye natsɔ avɔ atu agbadɔ la nu.


vɔsamlekpui, si wotso ati wòe la ene, ekɔ abɔklugui etɔ̃, eye wòdidi abɔklugui eve, dzogoewo li ne, afɔ le egɔme, eye eƒe axawo dzi nye ʋuƒo. Eye wògblɔ nam bena: Esia nye kplɔ̃, si le Yehowa ŋku me.


Emegbe woatsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me le Yehowa ƒe ŋku me la, ƒe dzowo ŋu; ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe numevɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔa nu la te.


Emegbe nunɔla la natsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me, si dzi wotsɔa atike ʋeʋẽewo doa dzudzɔe ɖo la, fe dzowo ŋuti le Yehowa ƒe ŋku me ke wòatsɔ nyitsu la ƒe ʋu mamlea akɔ ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ nu la te.


Woƒe dɔe nye be, woakpɔ aɖaka la kple kplɔ la, akaɖiti la, vɔsamlekpuiwo kple kɔkɔeƒe la me nuwo kpakple xɔmetsovɔ la kple nu bubuawo dzi.


Woakeke aɖabɛ blɔtɔ ɖe sikavɔsamlekpui la dzi, eye woatsɔ nyogbalẽ abu dzi, eye woade kpoawo eŋu.


esi me sikadzudzɔmlekpui kple nubablaɖaka, si ŋu wofa sika ɖo kpe ɖo la le, eye eya me sikaze, si me mana le kple Aron ƒe atikplɔ, si ƒo se, kple nubabla ƒe nuŋlɔkpeawo le.


Eye mawudɔla bubu va, eye wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye sikadzudzɔdosonu le esi, eye wotsɔ atike ʋeʋẽe geɖe nɛ, bene wòatsɔe akpe ɖe ame kɔkɔewo katã ƒe gbedodoɖawo ŋuti ada ɖe sikavɔsamlekpui, si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa