Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 3:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke esi Yehowa kpɔ bena, ele tetem ta, be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve la me bena: Mose, Mose! Eɖo ŋu bena: Nyee nye si!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Esi Yehowa kpɔ be Mose yi be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve bibi la me be, “Mose, Mose!” Eye Mose tɔ be, “Nye nye esi.”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 3:4
18 Mawu Ofanana  

Le nya siawo megbe la Mawu do Abraham kpɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Abraham! Eɖo ŋu nɛ bena: Nye enye si!


Tete Yehowa ƒe dɔla yɔe tso dziƒo gblɔ bena: Abraham, Abraham! Eye wòtɔ bena: Nye enye si!


Esi Yakob nyɔ tso alɔ me la, egblɔ be: Vavã, Yehowa le afisia, gake nyemenyae o!


Tete Mawu ɖe eɖokui fia Israel le drɔ̃eƒe gblɔ bena: Yakob, Yakob! Eɖo ŋu bena: Nye enye si!


Migaɖo ŋu ɖe sesẽnuwɔwɔ ŋu o, eye nuhaha megaflu mo na mi o! Ne kesinɔnu le dzidzim ɖe edzi la, miaƒe dzi megaku ɖe eŋu o!


Ke Mose yi Mawu gbɔ le to la dzi. Eye Yehowa yɔe tso to la dzi gblɔ bena: Ale nagblɔ na Yakob-ƒomeawo, eye ale naɖe gbe ƒãe na Israel-viwo enye si:


Eye Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le dzobibi me le ŋuvea ɖe me. Esi wòlé ŋku ɖe eŋu la, ekpɔ bena, ŋuve la le bibim, gake mele fiafiãm o.


Eye Mose gblɔ na Yehowa bena Kpɔ ɖa, woe gblɔ nam bena: kplɔ dukɔ sia, gake mena, menya, amesi nedo kpe ɖe ŋunye o, wò, ye egblɔ bena menya wò kple wò ŋkɔ, eye meve nuwò hafi.


Ekema woaxɔe ase bena, Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob fe Mawu lae de eɖokui fia wò.


Eye Yehowa yɔ Mose, eye woƒo nu kplu tso Mawu ƒe agbadɔ la me gblɔ bena:


Eye gbea ɖe ɖi va egbɔ bena: Petro, tsi tre, wu wo naɖu.


Ekpɔ le ŋutega me kɔte anɔ ŋkeke ƒe ga asieke me bena, mawudɔla ɖe va egbɔ le eme, eye wògblɔ nɛ bena: Kornelio!


eye wòdze anyi, eye wose gbea ɖe le gbɔgblɔm ne bena: Saul, Saul, nuka wo nèle yonyeme tima?


kpakple anyigba dzi nu xɔasiwo woasɔ gbɔ! Eye amesi le ŋuvekɔe me la ƒe amenuveve ava Yosef ƒe ta dzi kple nɔviawo ƒe amegã ƒe dzodome.


Tete Yehowa va tsi tre ɖi, eye wòyɔe abe tsã ene bena: Samuel! Samuel! Eye Samuel gblɔ bena: Ƒo nu, wò dɔla ke to ɖi!


Tete Yehowa yɔ Samuel, eye wòtɔ gblɔ bena Nyee nye si!


Ke Yehowa gayɔ Samuel. Tete Samuel fɔ yi Eli gbɔ gblɔ bena: Nyee nye si, elabena eyɔm. Eɖo ŋu bena: Vinye, nyemeyɔ wò o, gbugbɔ yi ɖamlɔ anyi!


Yehowa gayɔ Samuel zi etɔ̃lia, enumake wòfɔ yi Eli gbɔ gblɔ bena: Nyee nye si, elabena eyɔm. Tete Eli dze sii bena, Yehowae le ɖevi la yɔm.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa