Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 3:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Mado nye asi da, eye matsɔ nye nukunuwo katã, siwo mawɔ le wo dome la, aɖee le mo na Egiptetɔwo: emegbe hafi woana miayi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Eya ta mado nye asi ɖa ɖe Egipte ŋu, atsrɔ̃ wo kple nye nukunu siwo mawɔ le wo dome, ekema ana miayi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 3:20
30 Mawu Ofanana  

Gake hã mava wɔ fu dukɔ, si subɔm wole la, eye le esia megbe la woatsɔ kesinɔnu geɖewo adzoe.


Ewɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba dzi dukɔ blibo la ŋu; elabena enya be, dadam wole ɖe wo ŋu, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wògale egbe siawo ko ene.


Ewɔ eƒe dzesiwo le wo dome kple nukunuwo le Xam-nyigba dzi.


Dzi dzɔ Egipte le woƒe ʋuʋu la ta, elabena woƒe ŋɔdzi le wo,


amesi wɔ nukunuwo le Xam-nyigba dzi kple nu dziŋɔwo le Avaƒu la nu.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Esusɔ fuwɔame ɖeka mahe ava Farao kple Egiptetɔwo dzii; emegbe la aɖe asi le mia ŋu miadzo le afisia. Ke menye asi ko wòaɖe le mia ŋu o; boŋ anyẽ mi atso afisia.


Eye wotsɔ amɔwɔ, si wotsɔ tso Egipte la, ƒo akaklãe, ke meʋã o, elabena esi wonyã wo tso Egipte la, womete ŋu ta ɖi, ne woaɖa nu aɖo asi o.


Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miɖo ŋku ŋkeke sia, si dzi mieʋu tso Egipte, afisi míenye kluviwo le la dzi; elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso afima Eyata migaɖu abolo ʋaʋãa ɖeke o!


Eye wòanye dzesi na wò anɔ wò asi ŋu kple ŋkuɖodzinu anɔ wò ŋgonu, bena Yehowa ƒe se la nanɔ wò nu me, elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ wò tso Egipte.


Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


Yehowa, wò nuɖusi netsɔ de bubu ɖokuiwò ŋu le ŋusẽ me, Yehowa, wò nuɖusi kaka futɔwo hlẽ.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ne ede Egipte la, ekema naɖo ŋku nukunu, siwo katã mede asi na wò la dzi awɔ le Farao ƒe ŋku me; ke nye la mana eƒe dzime nasẽ, bena maɖe asi le dukɔ la ŋu wòayi o.


Yehowa gblɔ na Mose bena: Azɔ akpɔ nusi mele Farao wɔ ge. Alɔ sesẽ ana wòaɖe asi le wo ŋu, eye alɔ sesẽ ana wòanya wo atso eƒe anyigba dzi.


Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.


Elabena mate ŋu ado nye asi ɖa atsɔ dɔvɔ̃ agblẽ wò ŋutɔ kple wò dukɔ, ale be natsrɔ̃ le anyigba la dzi xoxoxo hafi,


Yehowa aƒo Egiptetɔwo, eye wòagahaya wo; elabena ne wòtrɔ ɖe eŋu la, ase woƒe kukuɖeɖe, eye wòahaya wo.


Yehowa, wò alo le dzi, ke womelé ekpɔm o; woakpɔ ŋuʋaʋã ɖe dukɔ la ŋu, eye ŋu akpe wo, eye dzo afiã wò ketɔwo.


Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ne nyematsɔ asi sesẽ kple alɔ, si le dzi, kpakple dziku, si wotrɔ ƒo ɖe anyi la, aɖu fia ɖe mia dzi o fi!


Mana wòakpɔ nukunuwo abe gbesigbe nèʋu tso Egipte-nyigba dzi ene.


Amesia kplɔ wo do goe, eye wòwɔ nukunuwo kple dzesiwo le Egipte-nyigba dzi kple Ƒudzie la nu kpakple gbedzi ƒe blane sɔŋ.


Alo ɖe mawua ɖe te kpɔ be, yeava atsɔ ŋusẽ-nuwɔwɔwo kple dzesiwo, nukunuwo kple aʋawɔwɔ, asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kpakple nu klitsuwo aɖe dukɔ le dukɔwo dome na eɖokui, abe alesi Yehowa, mia Mawu, wɔ na mi le Egipte miekpɔ enea?


eye Yehowa wɔ dzesi kple nukunu gã dziŋɔwo le Egipte, ɖe Farao kple eƒe aƒe blibo la ŋu miekpɔ;


Yehowa dɔ nyagblɔɖilaa ɖe ɖo ɖe Israel-viwo gbɔ wògblɔ na wo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Nye ŋutɔe kplɔ mi tso Egipte, tso kluvinyenyeƒe me;


Emegbe wòlé dua me tsitsiawo, eye wòna Sukottɔwo ʋẽ gbedadaƒoŋɔka kple ŋuwo se.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa