Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 3:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Gake menyae bena, Egipte-fia maɖe mɔ na mi miadzo o, negbe ɖeko woazi edzi hafi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Ke menya be Egipte fia mana mɔ mi be miayi o, negbe ɖeko asi sesẽ aɖe zi edzi hafi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 3:19
13 Mawu Ofanana  

Ke Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋuti woyi o.


Eye Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo katã le Farao ƒe ŋku me; ke Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋu wodzo le eƒe anyigba dzi o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena Farao maɖo to mi o, bena nye nukunuwo nasɔ gbe le Egipte-nyigba la dzi.


Esi Farao sẽ tame be, yemaɖe asi le mia ŋu o la, Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, tso amewo ƒe ŋgɔgbeviwo dzi vaseɖe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo dzi; eyata metsɔa atsu sia atsu, si ʋu ɖo nu na dada la, sa vɔe na Yehowa; ke vinyeŋutsuwo la, meɖɔa li wo ta.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ne ede Egipte la, ekema naɖo ŋku nukunu, siwo katã mede asi na wò la dzi awɔ le Farao ƒe ŋku me; ke nye la mana eƒe dzime nasẽ, bena maɖe asi le dukɔ la ŋu wòayi o.


Farao ɖo ŋu bena: Ameka nye Yehowa, ne maɖo to eƒe gbe aɖe asi le Israel-viwo ŋuti wòayi? Nyemenya Yehowa la o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋuti wòayi hã o!


Yehowa gblɔ na Mose bena: Azɔ akpɔ nusi mele Farao wɔ ge. Alɔ sesẽ ana wòaɖe asi le wo ŋu, eye alɔ sesẽ ana wòanya wo atso eƒe anyigba dzi.


Ke Farao sẽ eƒe dzime fifia hã, eye meɖe asi le dukɔ la ŋu woyi o.


Eye Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋu o, abe alesi Yehowa gblɔ to Mose dzi ene.


Eye Farao do amewo ɖa, eye wokpɔ bena, Israel-viwo ƒe lãwo dome ɖeka hɔ̃ hã meku o. Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le dukɔ la ŋuti wòyi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa