Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 3:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Mawu gblɔ na Mose be: „Amesi menye, eyae menye,“ eye wògblɔ bena: Ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: „Menye“ ye dɔm do ɖe mia gbɔ;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Mawu ɖo eŋu na Mose be, “Menye ame si Menye. Gblɔ na Israelviwo ko be, ‘Menyee dɔm ɖa.’ ”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 3:14
21 Mawu Ofanana  

Ɖe àte ŋu ake ɖe Mawu ƒe agunu ŋua? Alo ale ŋu ade ŋusɛ̃katãtɔ ƒe mlɔeanu kekeakea?


Ke ame dzɔdzɔewo le dzidzɔ kpɔm, wole aseye tsom le Mawu ŋku me, eye wogli kple dzidzɔ.


Hafi towo nava do, eye anyigba kple xexeme nadzɔ la, wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.


Yehowa enye aʋawɔla, eŋkɔe nye Yehowa.


Kpɔ nyuie le eŋu, eye naɖo to eƒe gbe; megasẽ tame ɖe eŋu o, elabena matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o, elabena nye megbea wònye.


Eye Mose gblɔ na Mawu bena: Ne meva Israel-viwo gbɔ, eve megblɔ na wo be: mia fofowo ƒe Mawu dɔm do de mia gbɔ, eve woabiam bena eŋkɔ ɖee hã la, aleke maɖo ŋu na wòe?


Eye Mawu ƒo nu kple Mose gblɔ nɛ bena: Nyee nye Yehowa!


Nyee ɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu ŋusẽkatãtɔ ene, ke nyemeɖe nye ŋkɔ Yehowa fia wo o.


Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.


Ale Yehowa, Israel ƒe fia kple eƒe xɔnametɔ, Yehowa Zebaot,: gblɔ esi: Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ; mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.


Elabena afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo te nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Eyata megblɔ na mi bena, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me; elabena ne miexɔe se bena, nyee nye esi o la, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me.


Yesu gblɔ na wo bena: Ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi la, ekema miadze sii bena, nyee; eye bena nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ abe alesi Fofonye fiãm ene la, nu mawo ke megblɔna.


Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Hafi Abraham nava dzɔ la, nyeama meli xoxo.


Elabena Mawu ƒe ŋugbedodowo, alesi nu wole la, Yesu me ẽ le; eyaŋuti amen la to eya hã dzi hena Mawu ƒe kafukafu to mia dzi.


Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.


Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ


Yohanes ŋlɔ ɖo ɖe hame adre, siwo le Asia la bena: Amenuveve kple ŋutifafa nana anyi kpli mi tso amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vavagela gbɔ, eye tso gbɔgbɔ adre, siwo le eƒe fiazikpui ŋgɔ la gbɔ,


Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu; ale Aƒetɔ Mawu, amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vava ge, amesi nye ŋusẽkatãtɔ la, gblɔ esi!


Eye aʋala ade li na nu gbagbe eneawo dome ɖesiaɖe, eye ŋkuwo yɔ wo ŋuti kple wo me fũ, eye womekpɔ dzudzɔ zã kple keli o hele gbɔgblɔm bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, amesi nɔ anyi, eye woli, eye wòle vava ge la!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa