Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 3:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke Mose gblɔ na Mawu bena: Ameka menye, be mayi Farao gbɔ, eye makplɔ Israel-viwo adzoe atso Egipte?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Mose gblɔ na Mawu be, “Ame ka menye aɖatsi tsitre ɖe Farao ŋkume, agblɔ nɛ be meva Israelviwo ɖe ge tso Egipte?”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 3:11
13 Mawu Ofanana  

Eye fia Dawid yi ɖabɔbɔ nɔ Yehowa ŋku me hegblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, ameka menye, eye nuka nye aƒe nye be, nèkplɔm vaseɖe fifi?


Azɔ Yehowa, nye Mawu, etsɔ wò dɔla ɖo fiae ɖe fofonye Dawid teƒe, ke ɖevi sue menye, eye nyemenya alesi madoe alo gbɔe o!


Eyata na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wo dukɔ, eye wòaɖe vovo nyui kple vɔ̃ dome, elabena ameka ale ŋu adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ gã sia?


elabena ameka menye, eye ameka nye dukɔ la nye, be, miekpɔ ŋusẽ hena nu faa alea? Elabena nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me miexɔ wo le hetsɔ na wò.


Eye Mose ɖo ŋu na Yehowa bena: Esi Israel-viwo mele to ɖomem o la, aleke Farao aɖo to nye amesi nu menya ƒona na o la!


Eye megblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.


hena amesiawo la azu ku ƒe ʋeʋẽse heyina ku me, ke hena ame kemewo la azu agbe ƒe ʋeʋẽse heyina agbe me. Eye ameka de nusiawo nu mahã?


Menye bena miede enu le mia ɖokui si, be miasusu nane abe mia ŋutɔwo mía ɖokui mee wòtso ene o; ke mía nudede la tso Mawu gbɔ boŋ,


Eɖo ŋu nɛ bena: Taflatse, nye aƒetɔ! Nuka tsɔ ge mala ade Israel? Kpɔ ɖa, nye ƒome enye suetɔ le Manase, eye nyee nye dɔmlɔea le tofonye ƒe me!


Dawid gblɔ na Saul bena: Ameka menye, ameka nɔvinyewo nye, eye nuka fofonye ƒe ƒome nye le Israel, ne mahayi fia ƒe to nye ge?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa