Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 28:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Emegbe natsɔ soham-kpe eve aɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Emegbe tsɔ onikskpe eve, eye nàŋlɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 28:9
16 Mawu Ofanana  

eye anyigba sia ƒe sika nyo ŋutɔ; afima bedolax- kple soham-kpe hã le.


Metso nye ŋusẽ katã dzra ɖo ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu; sika ɖe sikanuawo ŋu, klosalo ɖe klosalonuawo ŋu, akɔbli ɖe akɔblinuawo ŋu, gayibɔ ɖe gayibɔ miawo gu, ati ɖe atinuawo ŋu, soham-kpe, kpe, siwo woatsɔ aɖo awuawo ŋu, kpe yibɔwo, kpe ŋɔŋɔewo, kpe xɔasi vovovowo kpakple kpe ɣiwo wosɔ gbɔ taŋtaŋ.


Eye do sedertiwo, sesewutiwo kple papawutiwo dem tso Libanon, elabena menyae bena, wò amewo nya Libanontiwo lalã, eye nye amewo akpe ɖe wò amewo ŋu,


Womaɖae akpe ɖe Ofir-sika nyuitɔ, soham-kpe kple satir-kpe xɔasiwo ŋu o.


Soham-kpe kple kpe xɔasiwo, bena woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu la ŋu.


naɖe ŋkɔ ade ɖe kpe ɖeka dzi, eye ŋkɔ ade hã ɖe kpe evelia dzi ɖe woƒe toawo nu.


eye agbaka enelia nanye krisolit, soham kple yaspis. Eye woatsɔ sika aƒo fefeka ɖe wo ŋu akpe ɖo.


Eye natsɔ sika nyuitɔ awɔ ŋgoblanu, eye ŋkɔɖelawo nata nu ɖe dzi bena: „Kɔkɔea na Yehowa.“


Eye woatso avɔ ma tɔgbe, si wotsɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze kple ɖeti ɣi dada lɔ̃e la, awɔ akɔgbanu ɖe eŋu.


anya alesi wòadze kpe hena nuwo me ɖeɖe, eye wòanya alesi wòadze ati hena aɖaŋu vovovowo wɔwɔ.


agbaka enelia nye: krisolit, soham kple yaspis: eye wotsɔ sika ƒo fefeka ɖe wo ŋu ƒo xlã wo.


Wotsɔ sika ƒo fefeka ɖe soham-kpe eve ŋu, eye ŋkɔɖelawo ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.


Tsɔm wɔ ŋkɔslgɛ ɖe wò dzi ŋu kple ŋkɔsigɛ de wò asi! Elabena lɔlɔ̃ tri akɔ wu ku, eye ŋuʋaʋã se wu tsleƒe, eƒe bibi le abe dzo ƒe bibi ene, Yehowa ƒe dzoƒade wònye!


Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ɖe nye asi ŋu, wò gliwo le ŋkunye me ɖaa.


Ena Mawu ƒe abɔ Eden me, eye wotsɔ kpe xɔasi vovovowo ɖo ŋuwò. Karneol, topas kple yaspis, krisolit, soham kple oniks, safir, ametist kple smaragd; sika wotsɔ ɖo to na wò, eyae wotso do atsiã na wò le gbesigbe wowɔ wò.


Yehowa, woƒe Mawu, axɔ na eƒe dukɔ ɣemaɣi abe lãha ene; elabena woanɔ dzo sim le eƒe anyigba dzi abe kpe xɔasi le fiakuku ŋu ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa