Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 28:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Nusiwo woatɔ wonye: akɔtaɖonu, kɔmewu, dziwui, awutewui ʋlaya, si wotsɔ deti ɣi lɔ̃e, tablanu kple alidziblanu; eye woatɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, be woazu nunɔlawo asubɔm.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Awu siwo woatɔ la woe nye: akɔtaɖonu, dziwui ʋlaya si ŋu abɔ mele o, eye wòdidi tso abɔta va se ɖe klo te, dziwui, tablanu kple alidziblanu. Woatɔ awu kɔkɔewo na Aron kple via ŋutsuwo be woawɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 28:4
20 Mawu Ofanana  

Dawid ɖu ɣe kple ŋusẽ katã le Yehowa ŋku me, eye Dawid do aklala-kɔmewu.


Soham-kpe kple kpe xɔasiwo, bena woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu la ŋu.


Bla tablanu la nɛ, eye natsi ŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu.


Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ tablanuawo, eye wotsɔ ɖeti ɣi dada lɔ agbotɛ ɣiawo.


Dzɔdzɔenyenye anye alidziblanu le eƒe ali, eye nyateƒe anye alidziblanu le eƒe aklito.


Edo dzɔdzɔenyenye abe ga wu ene, eye wòɖɔ xɔname ƒe gakuku ɖe la; eta hlɔ̃biabia abe ava ene, eye wòda ŋuʋaʋã ɖe abɔ abe taɖedzi ene.


Elabena Israel-viwo anɔ anyi eteƒe nadidi, eye fia kple amegã, akpedavɔsa kple legba, kɔmewu kple aklama kpakpɛa ɖeke mana wo si o.


Azɔ la mitsi tre, eye mitsɔ nyateƒe bla miaƒe aliwo dzi, eye mido dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu,


ke mí amesiwo nye ŋkeke tɔwo la, mina mianɔ mo xexi, eye míado xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu, eye míaɖɔ xaxa ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe gakuku la.


Eye ale mekpɔ sɔwo kple amesiwo do wo la, le ŋutega me: Wodo akɔtakpoxɔnu, siwo ɖi dzo, kple akɔtakpoxɔnu yibɔwo kpakple akɔtakpoxɔnu dzewo, eye sɔawo ƒe ta le abe dzatawo ƒe ta ene, eye dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe do go tso woƒe nu me.


Ke Samuel subɔna le Yehowa ŋku me, enye ɖevi, eye wòdoa aklala kɔmewu


Tete fia la gblɔ na Doeg bena: Wòa te yi, ne nada nu nunɔlawo! Enumake Edomtɔ Doeg te yi heda nu nunɔlawo, eye wowu ŋutsu blanyi va atɔ, siwo do aklalakɔmewuwo la gbemagbe.


Esi Aximelex vi Abyatar si va Dawid gbɔ le Kegila la, etsɔ kɔmewu la ɖe asi vɛ.


Eye Dawid gblɔ na nunɔla Abyatar, Aximelex vi bena: Tsɔ kɔmewu la vɛ! Tete Abyatar tsɔ kɔmewu la yi na Dawid.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa