Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 27:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye natɔ kpɔ ɖe agbadɔ la ŋu. Tsɔ ɖeti ɣi dada lɔ̃ avɔ hena kpɔ la; kpɔ la ƒe dziehekpa nadidi abɔklugui alafa ɖeka.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 “Tɔ kpɔ ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe dziehe gome nadidi mita blaene-vɔ-ene. Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi dada la tɔ kpɔ siae,

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 27:9
29 Mawu Ofanana  

Eye wòtɔ kpɔ emetɔ; etsɔ kpe fufu ɖo amli etɔ̃, eye wòtu sedertiwo ɖe wo dzi.


Gbemagbe Salomo kɔ xɔxɔnu emetɔ, si le Yehowa ƒe xɔ la ŋgɔ la ŋu, elabena esa numevɔ kple nuɖuvɔ, eye wotso akpedavɔsalã ƒe amiwo sa vɔe le afima, le esi akɔblivɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me la, le sue akpa, eye mede numevɔsa, nuɖuvɔsa kple akpedavɔsa ƒe amiwo nu o ta.


Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuawo kple eve.


Eye wòtɔ nunɔlawo ƒe kpɔ kple kpɔ gãtɔ, ekpa kpɔ la ƒe agbowo, eye wofa akɔbli ɖe agboa wo ŋu.


Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafuha ge ɖe eƒe xɔxɔnuwo, mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe ŋkɔ!


le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo, le mewò, Yerusalem. Mikafu Yehowa!


Mawu, mía akpoxɔnu, kpɔ nu, eye nalé ŋku ɖe wò amesiamina la ƒe mo!


Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene, eye wòade dzi abe sederti le Libanon dzi ene.


Wɔ kpɔti blave, eye natsɔ akɔbli atu afɔ blave ɖe wo gɔme; ke natsɔ klosalo awɔ kpɔtiawo ŋuti gatagbadzɛwo kple heletiwoe.


kpɔ ŋuti vɔwo, kpɔtiawo kple woƒe afɔwo, kple agbonuvɔ,


Eye wòtɔ ka kpukpui blaatɔ̃ ɖe kuntru kpekpea ƒe to ɖeka, eye wogatɔ ka kpukpui blaatɔ̃ ɖe kuntru kpekpe evelia ƒe to ɖeka.


kpɔ la ŋu vɔwo, kpɔtiawo, afɔawo kple agbonuvɔ la, agbadɔ ŋu kawo kple tsyotiawo kpakple nusiwo katã ŋu dɔ woawɔ le nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la me;


Eye wòtɔ kpɔ ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la godoo va kpe, eye wòtsɔ avɔ la tu agbo la nu. Ale Mose wu dɔ blibo la nu.


Eye natɔ kpɔ ɖe eŋu godoo ava kpe, eye natsɔ avɔ atu agbo la nu.


Ewɔ akpata la wòle abɔklugui blave, eye xɔxɔnu la va tɔ agbo la ƒe akpata le goawo katã me.


Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu egodotɔ, kpɔ ɖa, xɔviwo le xɔxɔnu la, eye wotsɔ kpe srã anyigbae godoo va kpe; xɔviawo le blaetɔ̃, eye wotsɔ kpe srã wo nui.


Eye wodzidze agbo, si le anyiehe gome le xɔxɔnu kɔloetɔ ŋu la ƒe didime kple kekeme.


Xɔxɔnu metɔ ƒe agbo dze ŋgɔ agbo, siwo le anyiehe kple ɣedzeƒe; eye wòdzidzee tso agbo ɖeka nuyi evelia nu wòle abɔklugui alafa ɖeka.


Tete wòkplɔm to dzigbegbo la nu yi xɔxɔnu metɔ; eye wodzidze dzigbegbo la abe dzidzeme kemeawo ene.


Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu metɔ le ɣedzeƒe gome, eye wodzidze agbo la abe dzidzeme kemeawo ene.


Eye wòkplɔm yi agbo metɔ me, kpɔ ɖa, xɔvi eve le xɔxɔnu metɔ la, ɖeka le anyiehegbo ƒe axa dzi hetrɔ ŋgɔ dze dziehe gome, eye evelia le dziehe-gbo ƒe axa dzi hetrɔ ŋgɔ dze anyiehe gome.


Le teƒe, si le xɔxɔnu metɔ hekeke abɔklugui blave gbɔ lɔƒo, kple kpenyigba, si le xɔxɔnu kɔtoetɔ gbɔ lɔƒo la, sɔtiwo ƒe akpata dze ŋgɔ wo nɔewo le dzisasrã etɔ̃ me.


kpɔ, si ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la godoo va kpe, eŋuti vɔwo, agbadɔ ŋu kawo kple eŋu nu bubuawo kpakple kpɔnuvɔ la dzi.


kpɔ, si ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la godoo va kpe la ŋu vɔwo kple agbonuvɔ la, agbadɔ ŋu kawo kple eŋu nu bubuawo: woawɔ eŋu dɔwo katã.


kpɔtiawo katã kple woƒe afɔawo, wo ŋu tsyoliwo kple wo ŋu kawo kpakple wo ŋu nuwo ka lã, eye woa wɔ wo ŋu dɔwo katã; miaha amesiame ƒe agba, si wòatsɔ lae ɖekaɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa