Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 26:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Eye avɔlɔ̃lawo natsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze kple ɖeti ɣi dada alɔ̃ avɔ, bena woatsɔ atu agbadɔ la nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 “Tsɔ avɔ si wolɔ̃ aɖaŋutɔe kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ kɔkɔe la.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 26:36
19 Mawu Ofanana  

Elabena tso gbesigbe mekplɔ Israel-viwo tso Egipte la, nyemenɔ xɔa ɖeke me vaseɖe egbe o, ke boŋ menɔ agbadɔ kple nɔƒe la me henɔa tsatsam.


eye wògblẽ nɔƒe, si le Silo, agbadɔ, si wòtu ɖe amegbetɔwo dome la ɖi.


Aɖaŋuvɔlɔlawo natsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada alɔ̃ xɔmetsovɔe, eye woalɔ̃ Kerubiwo de eme.


Esia megbe avɔlɔ̃lawo natsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ, ka dze kple ɖeti ɣi dada alɔ avɔ, si adidi abɔklugui blave hena agbo la nu, eye kpɔti ene, siwo gɔme afɔ ene le la, nakpe ɖe eŋu.


Eye aɖaŋuvɔlɔ̃lawo natsɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze kple ɖeti ɣi dada alɔ kɔmewu ƒe avɔ tɔgbe hena akɔtaɖonu, si enye nyametsonu la.


Tso ɖeti ɣi lɔ̃ awutewui ʋlaya la kple tablanu la, eye avɔlɔ̃la nalɔ̃ alidziblanu la wòano ŋɔŋɔe.


Woawo nye: nɔƒe la kple eƒe agbadɔ, etamegbanu, eŋu ganuviawo, eƒe ʋuƒowo, eƒe ʋɔmedetiwo, eƒe sɔtiwo kple woƒe afɔwo:


dzudzɔdovɔsamlekpui la kple eŋu kpoawo, ami sisi la kple dzudzɔdotike ʋeʋẽe kpakple agbadɔnuvɔ;


Eye wòna avɔlɔ̃lawo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzẽtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ avɔ, bena woatsɔ atu agbadɔ la nu.


Eye wòna avɔlɔ̃lawo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze kple ɖeti ɣi dada lɔ̃ avɔ, bena woatsɔ atu kpɔ la ƒe agbo la nu; edidi abɔklugui blave, eye wòkeke abɔklugui atɔ̃ ɖe kpɔ la ƒe kɔkɔme nu, abe alesi kpɔ la ƒe avɔ bubuawo kekee ene.


Eye avɔlɔ̃lawo tsɔ ɖeti ɣi dada, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dze lɔ alidziblanu la ŋɔŋɔe, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Eye wofɔ nɔƒe la va Mose gbɔ; agbadɔ la kple eŋu nuwo katã; ganuviawo, ʋuƒoawo, gametiawo, sɔtiawo, afɔawo,


Eye natsɔ sikavɔsamlekpui, si dzi woado dzudzɔ ɖo, ada ɖe nubablaɖaka la ƒe ŋgɔdze, eye natsɔ avɔ atu agbadɔ la nu.


meta avɔ ŋɔŋɔe na wò, eye meɖo lãgbalẽ nyuitɔ ƒe atokota na wò, metsɔ aklala bla ta na wò, eye metsɔ seda wɔ taɖedzi na wò;


Dɔ, siwo le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu na Gerson-viwo wonye: Woakpɔ nɔƒe la, etamevɔ kple edzigbanuwo kpakple Mawu ƒe agbadɔ la ŋu vɔ,


Gbesigbe wotu nɔƒea la, alilikpo va tsyɔ agbadɔ, si me sea le la dzi, eye wòdzena le nɔƒe la dzi le fiẽ abe dzo ene vaseɖe ŋdi.


Nyee nye agbo la; ne amea ɖe to menye yi ɖe eme la, akpɔ ɖeɖe, eye wòayi ɖe eme agado go, eye wòakpɔ nyiƒe.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa