nenem me siawo subɔa nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli, abe alesi Mawu ɖee fia Mose, esime wòle agbadɔ la wɔ ge la ene; elabena egblɔ be: „Kpɔ dzi, be nawɔ nuwo katã ɖe nɔnɔme, si wofiã wo le toa dzi la nu.“
Eyata ele vevie bena, woatsɔ nusiawo akɔ nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu la ŋuti; ke dziƒonuawo ŋutɔ la wotsɔ vɔsasa, siwo nyo wu esiawo la, ko wo ŋuti.