Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 23:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Megaxɔ zãnu o, elabena zãnunana gbãa ŋku na nukpɔlawo, eye wòtrɔa ame dzɔdzɔe ƒe nya bua anyi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 “Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnuxɔxɔ nana be màdze si nu si le dzedzem gãa o. Zãnuxɔxɔ gblẽa nu le ame si ƒe nya dzɔ la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 23:8
20 Mawu Ofanana  

amesi menaa eƒe ga ɖe deme dzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋu o. Amesi wɔa nusiawo la, ke maɖe le ete gbeɖegbeɖe o.


amesiwo ŋukpenanuwo le asi ŋu na, eye zãnunana yɔ ɖusi na.


Amesi le zãnuxɔxɔ yome dim la, eƒe aƒe agblẽ; ke amesi lé fu adzɔxɔxɔ la, anɔ agbe.


Ame vɔ̃ɖi xɔa zãnu tsoa akɔnu, ne yeaglɔ̃ nya dzɔdzɔe ƒe mɔ.


Zãnuxɔla bu be, kpe xɔasi wonye yexɔ; afisiafi, si wòtrɔ ɖo la, edzea aye.


Kesinɔnu dzea xɔlɔ̃ geɖe ame, ke xɔlɔ̃wo kana le kotɔ ŋu.


Elabena sesẽnuɖuɖu doa bometsila nunyalawo, eye zãnunana gblẽa dzi.


Migasa nuɖuvɔ alakpatɔ azɔ o, dzudzɔdonu nyɔŋu wònye nam. Dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple gbeƒẽɖeɖe takpegbewo la, nyemate ŋu ado dzi atsɔ alakpa kple takpekpewo o!


Wò amegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃; wo dome amesiame lɔ̃a zãnunana, eye wotia fetu yome; womedrɔ̃a ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo o, eye ahosiwo ƒe nya medea wo gbe o.


Amesi ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka, eye eƒe nuƒoƒo le eme, amesi tsri ŋutasesẽ tsɔtsɔ kpɔ viɖee, amesi ʋuʋu eƒe asi, be magaxɔ zãnunana o, amesi xe eƒe towo, be magase hlɔ̃dodo o, amesi mia eƒe ŋkuwò, be womagakpɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ o la,


Baba na amesiwo nye kalẽawo le weinnono me kple ŋutsuwɔlawo le aha muame toto me.


Amesiwo xɔa zãnu hetsona na ame vɔ̃ɖiwo, eye wodaa adzo nya dzɔdzɔe le ame dzɔdzɔewo si.


Woxɔa zãnu le mewo, ne wòakɔ ʋu ɖi, eɖia kasa, eye nexɔa deme, ẽɖua sesẽnu le nɔviwò si, eye wò ŋku dzona le dzinye. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Ne wono aha tsu vɔ la, wowɔa ahasi; woƒe amegawo lɔ̃a ŋukpenanuwɔwɔ.


Elabena menyae be, miaƒe dzidadawo sɔ gbɔ, eye miaƒe nuvowo teƒe mekɔ o, mielé ame dzodzɔewo ɖe ke me, miexɔ zãnu, eye miete ame dahewo ɖe anyi le ʋɔnu!


Vɔ̃ɖiwɔwɔ sɔ alɔ me na wo; amegã dia nu, ʋɔnudrɔ̃la drɔ̃a ʋɔuu le fetu ta, eye dumegãwo gblɔa nusi le wo dzrom; ale woblua afɔ na nya.


Elabena Yehowa, mia Mawu la, enye mawuwo dzi Mawu kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, Mawu gã, si ŋu ŋusẽ kple ŋɔdzi le, amesi medea ame dzi o, eye mexɔa zãnua ɖeke o;


Megate nya dzɔdzɔe ɖe to o, megakpɔ amea ɖeke ŋku me o, eye megaxɔ zãnu o, elabena zãnu ɖe wogbã ŋku na nunyalawo, eye wòtrɔa gbo ame dzɔdzɔewo ƒe nya.


Nyee nye si, miɖi ɖase le ŋunye le Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋku me! Ameka ƒe nyitsu mexɔ, eye ameka ƒe tedzi mexɔ? Ameka ŋu mese ŋuta le, ameka mete ɖe anyi, eye ameka si mexɔ zãnu le hemiã ŋku ɖe edzi? Ne maɖo teƒe na mi!?


Ke viaŋutsuwo meto eƒe ʋe me o, eye wodi viɖe yome, woxɔ zãnu, eye wòtrɔ gbɔ ʋɔnudɔdrɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa