Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 23:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Meganɔ ha yome le nu vlo wɔwɔ me o, eye megade ame geɖewo dzi le dzrenya me ate nya dzɔdzɔe la ɖe to o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Mègadze amehawo yome le nu vɔ̃ wɔwɔ me o, eye ne woyɔ wò ɖasefoe le nya aɖe me la, mègatrɔ nyateƒe la ƒe ta tu be ne yeadze amehawo ŋu o,

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 23:2
36 Mawu Ofanana  

Ke esi womekpɔ mia anyi haɖe o la, Sodom ŋutsuwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo, keke dua ƒe mlɔenutɔwo ke hã va, eye woɖe to ɖe aƒe la.


Eye Mawu kpɔ bena, xexeame gblẽ keŋ; elabena amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.


Tete Yehowa gblɔ na Noa be na: Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome.


Eɖo ŋu bena. Ɖe meʋã ŋu ɖe Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, nu, elabena Israel-viwo gblẽ wò nubabla ɖi, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi; ke nye ɖeka koe kpɔtɔ, eye wole nye agbe dim, be yewoaɖe ɖa.


Ɖe menɔa ame geɖewo vɔ̃m, eye ƒomewo ƒe vlododo nɔa ŋɔ dzim nam, eyata ɖoɖoe zina le ŋunye, eye nyemedona ɖe ʋɔtru nu oa?


Adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ ɖe eteƒe kple wò hiãtɔwo alesi dze.


ekema vinye, megazɔ ma ɖeka dzi kpli wo o, eye nahe wo afɔ ɖe megbe tso wo toƒe wo.


Ame vɔ̃ɖi dziɖeɖe, ne woate ame dzɔdzɔe ɖe anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, menyo o.


Megage ɖe ame vɔɖiwo toƒe o, eye megazɔ ame vlowo ƒe mɔ dzi o.


Tete amegãwo do dɔmedzoe ɖe Yeremya ŋu, eye woƒoe hetsɔe de gaxɔ me ɖe agbalẽŋlɔla, Yonatan ƒe xɔ, si wotsɔ wɔ gaxɔe la me.


Tete fia Zedekiya de se be, woadzɔ Yeremya ŋu le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wotsɔa abolo ɖeka nɛ gbesiagbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, vaseɖe esime woɖu abolowo katã wòvɔ le dua me. Eye Yeremya tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.


Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo wɔ nu manyomanyo ɖe nyagblɔɖila Yeremya ŋu, be wotsɔe de do me, ne dɔ nawui woaku ɖe afima; elabena abolo vɔ le dua me.


Tete wòɖo ŋu nam bena: Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe vodada sɔ gbɔ ŋutɔ, hlɔ̃dodo yɔ anyigba dzi, eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ le dua me fũ; elabena wole gbɔgblɔm be: Yehowa gblẽ anyigba la ɖi, Yehowa mele mía kpɔm o.


Migawɔ apasa le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Mígade ame dahe dzi o, eye migakpɔ amegãwo ŋku me o; ke boŋ mídrɔ̃ ʋɔnu mia nɔewo ɖe teƒe.


Azã de na miawo ya, be mianɔ xɔ, siwo me wofa ʋuƒo ɖo la me, eye xɔ sia ya nanye glikpo anɔ anyia?


Eye esi Pilato lɔ̃ bena, yeawu ameha la ƒe lɔlɔ̃nu la, eɖe asi le Baraba ŋuti na wo, eye Yesu la, esi wòna woƒoe kple atam la, etsɔe de asi, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.


(amesia melɔ̃ woƒe adaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o,) etso Arimatia, si nye Yudatɔwo ƒe dua ɖe la, eye wòle mawufiaɖuƒe la lalam;


Ke le ƒe eve megbe la Porkio Festo va nɔ Felike teƒe; eye esi Felike le didim be, yeave Yudatɔwo nu la, egblẽ Paulo ɖe ga me.


Ke esi Festo le didim bena, yeave Yudatɔwo nu la, exɔ dzi na Paulo gblɔ bena: Elɔ̃ bena, nayi Yerusalem, ne woadrɔ̃ ʋɔnu wò le afima le nusiawo ŋuti le ŋkunye me mahã?


amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.


Migakpɔ ame ŋku me le ʋɔnudrɔ̃ƒe o, ke boŋ milé to ɖe ame gblɔewo kple ame gãwo ƒe nyawo ŋu, eye migasi amea ɖeke ŋku me o, elabena Yehowa tɔ enye ʋɔnudɔdrɔ̃; ke ne nyaa ɖe sesẽ na mi akpa la, ekema mitsɔe va gbɔnye, ne mase.


Megate nya dzɔdzɔe ɖe to o, megakpɔ amea ɖeke ŋku me o, eye megaxɔ zãnu o, elabena zãnu ɖe wogbã ŋku na nunyalawo, eye wòtrɔa gbo ame dzɔdzɔewo ƒe nya.


Megate amedzro kple tsyɔ̃evi ƒe nya ɖe to o, eye megaxɔ ahosi ƒe avɔ awɔbae o.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


Saul gblɔ na Samuel bena: Mewɔ nuvɔ̃ be, meda Yehowa ƒe se kple wò nyawo dzi; elabena ɖe mevɔ̃ dukɔ la, eyata mese woƒe gbe ɖo.


Eye Saul kple dukɔ la kpɔ Agag kple alẽ nyuiwo, nyi damiwo kple alẽviwo kpakple nu nyuiwo katã ta, eye wometsrɔ̃ wo gbidigbidi o; ke wotsrɔ̃ nu ɖigbɔwo kple nu, siwo ŋu viɖea ɖeke mele o la gbidigbidi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa