Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 23:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ŋkeke aɖe nawɔ wò dɔwo, ke naƒo ŋkeke adrelia ade eme, bena wò nyi kple wò tedzi nadzudzɔ, eye wò kosi ƒe ŋutsuvi kple amedzro nagbɔ ɖe eme.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 “Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi. Miwɔ alea ale be miana dzudzɔ miaƒe nyiwo kple tedziwo kple miaƒe aƒemetɔwo, kluviwo kple amedzrowo siaa.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 23:12
13 Mawu Ofanana  

Tirotɔ, siwo le dua me hã, tsɔ tɔmelãwo kple adzɔnu vovovo vɛ, eye wodzra wo na Yuda-viwo le Yerusalem le dzudzɔgbe la.


Eye wògblɔ na wo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Etsɔ nye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na Yehowa. Nusi miatsɔ aƒo aboloe la, mitsɔe ƒoe, eye nusi miatsɔ aɖa la, miɖae; ke esi susɔ la, midzrae ɖo hena etsɔ.


Ke le ƒe adrelia me la na wòagbɔ ɖe eme, eye woazu flu, bena wò dukɔ la me ame dahewo nakpɔ nu aɖu, eye nusi susɔ la, gbemelãwo naɖui. Nenema ke nawɔ wò weingblewo kple wò devewo hãe.


Ŋkeke ade nawɔ da, ke nadzudzɔ le ŋkeke adreagbe; eɖanye agbleŋlɔɣi alo nuŋeɣi o, dzudzɔ ɖokuiwò.


Ŋkeke ade miawɔ dɔ, ke miaɖu ŋkeke adrelia kɔkɔe, dzudzɔgbee wònye na Yehowa, amesiame, si awɔ dɔ le edzi la, woawui.


Migado dzo ɖe miaƒe aƒea ɖeke me le dzudzɔgbe la dzi o.


„Nukaŋuti míetsi nu dɔ, eye mèlé ŋku ɖe eŋu o, míeka hiã mía ɖokui, eye mèdze sii o?“ Kpɔ ɖa, miewɔ ɖɔ le miaƒe nutsidɔgbe, eye mieƒo du ɖe miaƒe dɔwɔlawo nu.


Ŋkeke ade miawo ɖo, ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe blibo kple takpegbe kɔkɔe; miawɔ dɔa ɖeke o, elabena dzudzɔgbe wònye na Yehowa le mia nɔƒewo katã.


Eye wògblɔ na wo bena: Wowɔ Sabat le ame ta, eye menye ame le Sabat ta o;


Ke ƒuƒoƒemegã, si dome ve le Yesu ƒe gbedada le Sabat dzi ŋuti la, xɔ dzi gblɔ na ameha la bena: Ŋkeke aɖee li, siwo dze be, amewo nawɔ dɔ le me: eyaŋuti le woawo me la miva, be woada gbe le mia ŋu, ke menye le Sabat ƒe ŋkeke la dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa