Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 22:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nenye nyi tedzi alo alẽ wòfi, eye wokpɔe le esi agbagbe la, ekema wòaɖo wo ame eve eteƒe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ke ne nya sia dzɔ le ŋkeke me la, ekema woatsɔe abe amewuwu ene, eye ame si wui la dze agɔ. “Ne wolé fiafitɔ aɖe la, ele be wòaɖo nu si wòfi la teƒe pɛpɛpɛ. Ne mete ŋui o la, ekema ele be woadzrae wòazu kluvi ɖe fe la nu.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 22:3
9 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu bena: Enyo, woawɔ nenema, abe alesi miegblɔ ene. Amesi gbɔ woakpɔe ale la, nazu nye kluvi: ke mi ame mamleawo miadzo ayi faa.


Ne èƒle Hebriŋutsua ɖe kluvii la, ekema woawo do ƒe ade, eye le ƒe adrelia me la wòadzo fea ɖeke maxemaxee.


ekema vudoa tɔ, naxe te ɖe eta na lã la so; eye; lã kukua nazu etɔ.


Ke nenye ŋkeke mee la, woabia eƒe hlɔ̃. Ele na fiafi la be, wòaɖo nusi wòfi la teƒe; ke ne naneke mele esi o la, woatsɔe adzra de eƒe tititi la nu.


Mide dzi ƒo na Yerusalem be, eƒe aʋawɔdɔ la wu enu, eye woxe eƒe vodada ŋu fe, elabena exɔ teƒeɖoɖo eve nu tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nuvɔ̃wo katã ta.


Ale Yehowa gblɔ esi: Afika mía dada ƒe asigbegbalẽ, si metsɔ gbee la le? alo ameka nye nye fetɔ, si metsɔ mi dzra na? Kpɔ ɖa, mia vodadawo ta wotsɔ mi dzra, eye le mia dzidadawo ta wogbe mia dada ɖo.


Eye esi naneke mele esi wòatsɔ axee o la, eƒe aƒetɔ la de se bena, woatsɔ eya kple srɔ̃a kple viawo kple nusiwo katã le esi la aƒle, ne woatsɔ aɖo eteƒe.


Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wotsɔ wo dzra na Filistitɔwo kple Amon-viwo.


Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòtsɔ wo de asi na adzowɔlawo woda adzo wo, eye wotsɔ wo dzra na woƒe futɔ, siwo ƒo xlã wo godoo la; eye womegale ŋu nɔ te ɖe woƒe futɔwo nu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa