Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 22:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ke nenye ŋkeke mee la, woabia eƒe hlɔ̃. Ele na fiafi la be, wòaɖo nusi wòfi la teƒe; ke ne naneke mele esi o la, woatsɔe adzra de eƒe tititi la nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Ne wolé fiafitɔ aɖe wònɔ gegem ɖe ame aɖe ƒe aƒe me be yeafi fi le zã me, eye wowui la, amewula la medze agɔ o.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 22:2
11 Mawu Ofanana  

Ne ŋu le ɖeɖem le eme la, hlɔ̃ɖola tsona heƒoa ame dahe kple hiãtɔ ƒua anyi, eye le zã me la ewɔa nu abe fiafitɔ ene.


Wodzea zã ɖe aƒewo ŋu; wodoã ʋɔ ɖe wo ɖokui nu le ŋkeke me, eye womenyaa keli o.


Wonyã wo le ha me, eye wole ɣli dom ɖe wo ta abe fiafitɔwo ene.


Ame maɖifɔ dahewo ƒe ʋu hã le wò avɔ toga. Menye fifiƒe mekpɔ wò le o, ke boŋ le teƒe siawo katã.


Ne mebe, mada gbe le Israel ŋu la, Efrayim ƒe vodadawo kple Samaria ƒe nu vɔ̃di wɔwɔwo dee ta ɖa. Elabena wodaa alakpa, fiafitɔwo dzea kpɔ, eye adzohawo nɔa nu ham le mɔ dzi.


Wole tsa glãla tsam le dua me, eye wole du ƒum le gli dzi, woge ɖe xɔwo me, eye wòto fesrenu ge ɖe eme abe fiafitɔ ene.


eye hlɔ̃tɔ do goe le sitsoƒedu la ƒe liƒo godo, eye hlɔ̃tɔ wu hlɔ̃dola la, ekema meɖe hlɔ̃fea ɖeke o,


Ke minya esia bena, ɖe wònye aƒeatɔ anya zã ƒe ŋudzɔɣi, si me fiafitɔ ava la, anye ne anɔ ŋudzɔ, eye mana mɔe bena, wòadze kpɔ age ɖe eƒe aƒe me o.


elabena mia ŋutɔwo mienyae kɔte bena, Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna, abe alesi fiafitɔ vana le zã me ene.


Ke mia dome amea ɖeke nagakpe fu abe hlɔ̃dola alo fiafitɔ alo vɔ̃wɔla alo abe amesi doa gaglãsu ɖe ame bubuwo ƒe nya me la ene o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa