Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 22:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Amesi sa vɔ na mawu bubu wo, eye menye Yehowa ɖeɖe ko o la, woadɔ busui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 “Ele be woawu ŋutsu si dɔ lã aɖe gbɔ la kokoko.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 22:19
14 Mawu Ofanana  

Amesi de asi lãa ɖe ŋu la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Megade asi lã ŋu ahado ŋunyɔ ɖokuiwò o, eye nyɔnua ɖeke megana lã nayɔ asii o, ŋukpenanu vɔ̃ɖi wònye.


eye woƒe anyigba gblẽ; eyata maɖo woƒe vodadawo teƒe na wo, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe.


Mawu bubua ɖeke megunɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.


Megabla nu kple anyigbadzitɔwo gbeɖegbeɖe o; elabena ne wole woƒe mawunuwo wɔm, eye wosa vo na woƒe mawuwo la, ekema woayɔ wò, be nava du woƒe vɔsanuawo,


Womegatsɔ woƒe lãwo sa vɔ na azizã, siwo wosubɔna la o. Ɖoɖo mavɔ wòanye na wo kple woƒe dzidzimeviwo.


Esi Israel le Sitim la, dukɔ la de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab-nyɔnuwo.


Ne nyagblɔɖila alo drɔ̃ekulaa ɖe ɖo mia dome, eye wòbe, yeawɔ dzesi alo nukunua ɖe na mi,


ekema nadza du ma me tɔwo kple yi, eye natsrɔ̃e kple nusiwo le eme la gbidigbidi, eye nadza woƒe lãwo kple yi.


Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe le wò du, siwo Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la, dometɔa ɖe me, amesiwo nusi medze Yehowa, wò Mawu ŋu o, eye wòtu eƒe nubabla,


ekema kplɔ ŋutsu alo nyɔnu ma, si wɔ nu vɔ̃ɖi sia la, do go ɖe wò dua godo, eye naƒu kpe ŋutsu alo nyɔnu la woaku.


Eye wowu nuxeƒe nunɔla, siwo katã le afima la ɖe vɔsamlekpuiwo dzi, eye wòlɔ dzo ameƒuwo le wo dzi; emegbe wògbugbɔ yi Yerusalem.


Amesiame, si ke meɖi Yehowa, Israel ƒe Mawu o la, woawui, tso ɖeviwo dzi vaseɖe ame tsitsiwo dzi, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa