18 Amesiame, si adɔ lãa ɖe gbɔ la, woawui.
18 “Ele be woawu nyɔnu si nye nukala la.
Maɖe gbɔgbɔ le Egipte me keŋkeŋ, eye magblẽ eƒe tameɖoɖo me, eye woabia nu legbawo, dzotɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo.
Elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi, be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigba dzi, ne manyã mi, eye miatsrɔ̃.
Ke miawo la migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃ekulawo, gbesalawo kple dzotɔwo, amesiwo le gbɔgblɔm na mi be, miasubɔ Babel-fia o la o.
Megade asi lã ŋu ahado ŋunyɔ ɖokuiwò o, eye nyɔnua ɖeke megana lã nayɔ asii o, ŋukpenanu vɔ̃ɖi wònye.
Migaɖu nusi me ʋu le o. Migaka afã o, eye migasa dzo o.
Migayi ŋɔliyɔlawo gbɔ o, eye migabia nu le bokɔnɔwo gbɔ o, bena miagaƒo ɖi o. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!
Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe nye ŋɔliyɔla alo bokɔnɔ la, ekema woawu wo; woaƒu kpewo woaku, elabena woa ŋutɔwoe de hlɔ̃fe.
Ne amea ɖe yi ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ, eye wòdze wo yome la, maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.
Eye ame geɖe, siwo ka afa la, wotsɔ woƒe agbalẽwo va ƒo ƒu, eye woto dzo wo le wo katã ƒe ŋku me; eye wobu woƒe home, eye wokpɔ klosalo akpe blaatɔ̃.
trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, komamãwo,
Amesi de asi lãa ɖe ŋu la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!
Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.
Samuel ku, eye Israel blibo la fa nɛ, eye woɖii ɖe Rama, eƒe du la me. Ke Saul nyã ŋɔliyɔlawo kple afakalawo ɖa le anyigba la dzi.
Nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò ŋuta ènya nusi Saul wo, eye wotsrɔ̃ ŋɔliyɔlawo kple afakalawo ɖa le anyigba la dzi. Nukaŋuti nèle mɔ trem na nye agbe, be nawum?