Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 21:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ne èƒle Hebriŋutsua ɖe kluvii la, ekema woawo do ƒe ade, eye le ƒe adrelia me la wòadzo fea ɖeke maxemaxee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Ne Hebri ŋutsu aɖe nyi fe le asiwò, mete ŋu xee o, eye wòto esia me zu wò kluvi la, ekema ele be wòasubɔ wò ƒe ade ko. Magaxe fe aɖeke o, ke boŋ azu ablɔɖeme le ƒe adrelia me.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 21:2
18 Mawu Ofanana  

Mawu ana dziƒozãmu kple anyigba wɔnu wò, eye àkpɔ bli kple wein geɖe fũ ŋutɔ.


Eɖo ŋu bena: Yakob ye woyɔnɛ vavã! Zi eve enye si wòblem: Exɔ ŋgɔgbevinyenye le asinye, azɔ egaxɔ nye yayra hã! Eye wòbiae bena: Mèkpɔtɔ yayraa ɖeke ɖi nam oa?


Eye nyɔnua ɖe tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo ƒe srɔ̃wo dome va gblɔ na Elisa bena: Srɔ̃nye, wo dɔla ku, eye ènyae bena, wò dɔla vɔ̃a Yehowa. Azɔ fetɔ va, be yealé vinyewo kple eve awɔ kluviwoe.


gblɔ na wo bena: Míawo míexɔ mía nɔvi Yudatɔ, siwo wotsɔ dzra na dukɔwo la ƒle, alesi míete ŋui ko la, eye azɔ miawo mietsɔ mia nɔviwo le dzadzram, eye wole wo dzram na mía? Ke wozi kpi, eye womekpɔ nyaa ɖeke ɖo eŋu o.


Ke ne amea ɖe ƒle ŋutsua ɖe kple ga la, wòatso aʋa ne, hafi wòakpɔ mɔ aɖui.


Nenye eya ɖekae va la, eya ɖeɖe nadzo; ne ekplɔ srɔ̃a vɛ la, ekema eya kple srɔ̃a nadzo.


Ne amea ɖe dzra vianyɔnu kosii la, eya madzo abe ŋutsuwo ene o.


Nenye nyi tedzi alo alẽ wòfi, eye wokpɔe le esi agbagbe la, ekema wòaɖo wo ame eve eteƒe.


Ke ne womexɔe alea o la, ekema woaɖe asi le eya ŋutɔ kple viawo ŋu le aseyetsoƒe la dzi.


Eye esi naneke mele esi wòatsɔ axee o la, eƒe aƒetɔ la de se bena, woatsɔ eya kple srɔ̃a kple viawo kple nusiwo katã le esi la aƒle, ne woatsɔ aɖo eteƒe.


Asi sesẽ miexɔ; eyata mitsɔ miaƒe ŋutilã kple miaƒe gbɔgbɔ, siwo nye Mawu to la, kafu Mawu!


Le ƒe adrelia sia ƒe adrelia me la woatsɔ fe ake.


Megave wò be, naɖe asi le eŋu wòadzo le gbɔwò o, elabena esubɔ wò ƒe ade sɔŋ heɖe vi na wò zi gbɔ zi eve wu agbatedɔwɔla; eye Yehowa, wò Mawu, ayra wò le ɖo, siwo katã nawɔ la me.


Eye Mose de se nawo gblɔ bena: Le ƒe adre sia ƒe adre, ɣeyiɣi, si me wotsɔa fe kena, le agbadɔŋkekenyuie la dzi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa