Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 21:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ne amea ɖe mebua o, gake Mawu to eƒe asi dzi wɔe la, ekema maɖo teƒea ɖe na wò, afisi wòasi ayi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Ke ne amea meɖo be yeawu ame o, gake Mawu ɖe mɔ wòva eme la, ekema mafia teƒe aɖe wòasi ayi, eye wòakpɔ sitsoƒe.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 21:13
13 Mawu Ofanana  

Ke fia la gblɔ be: Nya ka me mele kple mi Zeruya viwo? Nedo ɖiŋu faa! Elabena nenye Yehowae gblɔ nɛ be: do ɖiŋu na Dawid la! ameka kpɔ mɔ agblɔ be: nukaŋuti nèle wɔwɔm alea?


Ke eya mesusu alea o, eye mebu ɖe dzi me alea o, ke boŋ eɖo ɖe ta be, yeagblẽ nu, eye yeatsrɔ̃ dukɔ geɖewo.


Nuteƒewɔlawo nu yi le anyigba ɖzi, eye ame dzɔdzɔea ɖeke megale amegbetɔwo dome o; wo kalã wode xa ɖe ʋu ŋu, eye woɖo ɖɔ na wo nɔewo.


Eye du, siwo miatsɔ na Lewitɔwo la, dometɔ ade nanye sitsoƒeduwo, siwo me hlɔ̃dolawo nasi ayi ɖo, eye miatsɔ du blane vɔ eve akpe ɖe ŋu na wo.


Megage nɔviwò ƒe liƒo, si tɔgbuiwòwo ɖe ɖe wò anyigba dzi, be wòanye wò domenyinu le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye tɔwo la dzi, ɖe eme o.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena;


Eye Dawid gblɔ na Saul bena: Nukaŋuti nèle amegbetɔ ƒe gbe sem be, Dawid le wò vɔ̃ ɖim?


hegblɔ na Dawid bena: Enye ame dzɔdzɔe wum, elabena èwɔ nyui nam, ke nye la mewo vɔ̃ ɖe ŋuwò!


Eye wova alẽkpɔwo gbɔ le mɔ to, afisi agadoa ɖe le, eye Saul yi ɖe eme, be yeade afɔdzi; ke Dawid kple eƒe amewo le agado la ƒe agɔ me gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa