12 Ne amea ɖe ƒo ame woku la, ekema woawu eya hã.
12 “Ne ame aɖe ƒo ame aɖe sesĩe ale gbegbe be wòku la, ekema ele be woawui.
Ke mia ŋutɔwo miaƒe ʋu la, mabiae le lãwo kple amewo siaa si, mabia amesiame ƒe agbe le nɔvia si.
Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.
Eye Dawid gblɔ na Natan bena: Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Natan gblɔ na Dawid bena: Yehowa hã ɖe wò nuvɔ̃ la ɖa; mele kuku ge o.
Megawu ame o.
Ne mewo nu etɔ̃ siawo nɛ o la, ekema wòadzo taa fea ɖeke maxemaxee.
Ne amea ɖe ƒo ame wòku la, woawui;
Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu wòe.
Amesi wu nɔvia le adza me la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!