Etu xɔ sia nam; ne èzɔ le nye ɖoɖowo nu, ewo nye kɔnuwo dzi, eye nèlé nye sewo katã me ɖe asi hezɔ ɖe wo nu la, ekema mawɔ nye nya, si megblɔ na fofowò Dawid la, dzi na wò.
Ne mia nɔvi, siwo le woƒe duwo me, he nyaa ɖe vɛ na mi, hlɔ̃nya alo nufiamewo, sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo ŋu nya la, ekema mixlɔ̃ nu wo, ne womagaɖi fɔ ɖe Yehowa ŋu, eye dɔmedzoe nava mia kple mia nɔviwo dzi o; alea miawɔ, ne miagaɖi fɔ o.
Eye dukɔ la ƒe susɔea, nunɔlawo, Lewi-viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo dome hetrɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu la, wo srɔ̃wo, wo ŋutsuviwo kple wo nyɔnuviwo, amesiame, si ate ŋu ase egɔme ko la,
Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Israel, se ɖoɖo kple se, siwo gblɔ ge mala ɖe to me na mi egbea, misrɔ̃ wo, milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi!
Esia nye se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo Yehowa, mia Mawu gblɔ, bena woafia mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi yim miele, bena míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi,