Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Xɔxɔnu metɔ ƒe agbo, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la, nano dodo le gbedzrogbe-ŋkeke adeawo dzi, ke woaʋui le dzudzɔgbe kple dzinu yeye dzi.
Ke ƒuƒoƒemegã, si dome ve le Yesu ƒe gbedada le Sabat dzi ŋuti la, xɔ dzi gblɔ na ameha la bena: Ŋkeke aɖee li, siwo dze be, amewo nawɔ dɔ le me: eyaŋuti le woawo me la miva, be woada gbe le mia ŋu, ke menye le Sabat ƒe ŋkeke la dzi o.