Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 20:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Megayɔ Yehowa, wo Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame siwo yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 20:7
25 Mawu Ofanana  

Tete Isak gblɔ na via bena: Aleke wɔ nèkpɔe kaba ale, vinye? Eɖo ŋu nɛ bena: Elabena wò Mawu la na wòva ɖo gom.


Eyata megagbe tohehe ne o, elabena ame nyanu nènye, eye ànya nusi nawɔe, be eƒe ta ɣi nayi tsie kple ʋu.


Mawu ƒe ame Elisa ƒe ɖekakpui Gexazi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ gbe nusi Aramtɔ Naeman tso vɛ la, xoxo le esi. Meta Yehowa ƒe agbe: Ne nyemaƒu ɖu adze eyome aɖaxo nane le esi o fi!


Wo, amesiwo le nu ƒom le ŋuwò ɖe nu vlo wɔwɔ ŋu, eye wole ŋkɔwò yɔm ɖe aʋatsokaka ŋu, wo, amesiwo nye wò futɔwo.


ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: „Amekae nye Yehowa hã“ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahaɖa aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.


Emegbe miegatrɔ, eye miegblẽ ko ɖo na nye ŋkɔ, mia dome amesiame gakplɔ eƒe kluvi kple kosivi, siwo ŋu miede asi le, abe alesi wodi ene la vɛ, eye miezi wo dzi, be woanye kluviwo kple kosiviwo na mi.


Eye ne èta Yehowa ƒe agbe le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me, eye ɖe eteƒe la, ekema dukɔwo atso wò ayra wo ɖokui, eye woatso wò aƒo adegbee!


Maɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la afia le nye dukɔ Israel dome, eye nyemana woagado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o, ne dukɔwo nadze sii be, nye Yehowa ye nye kɔkɔetɔ le Israel.


Migaka aʋatso yɔ nye ŋkɔ ta nui o, bena nagaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa!


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Ke nye la meyɔ Mawu, ne woanye ɖaseɖila na nye luʋɔ bena, esi mekpɔ miaƒe nublanui la ŋutie nyemeva Korinto haɖe o,


Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, ku ɖe eŋu, eye eƒe ŋkɔ dzi naka atam ɖo.


Megayɔ Yehowa, wò Mawu, ƒe ŋkɔ yakatsyɔ o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔ eƒe ŋkɔ yakatsyɔ la o.


Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, eye natsɔ eƒe ŋkɔ aka atame.


Ke wu wo katã la, nɔvinyewo, migatà nu o, eɖanye dziƒo alo anyigba alo nutàta bubua ɖeke o; ke miaƒe ẽ nanye ẽ, eye miaƒe o nanye o, ne miagadze ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.


Eyata azɔ mita Yehowa nam, eye alesi meve mía nui la,; nenema ke miawo hã miave nye ƒome nui, eye mina dzesim ɖe dzi,


Eye ŋutsuawo gblɔ nɛ bena: Atam, si nèna míeka na wò la, ado le mía dzi:


Ale miawo wo enye si: Mina woanɔ agbe, ne dziku magava mía dzi le atam, si míeka na wo la ta o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa