Wote ɖa enumake le mɔ, si meɖo na wo la dzi, wokɔ nyivi na wo ɖokui, eye wode ta agu nɛ hesa vɔ nɛ gblɔ bena: Israel, esia enye wò mawu, si kplɔ wo tso Egipte-nyigba la dzi.
Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasetɔwo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawua ɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o.
Ŋɔ megadzi mi o, eye migadzo nyanyanya o! Ɖe nyemena miesee tso gbaɖegbe ke, eye nyemetoe na mi oa? Miawoe nye nye ɖasefowo. Ɖe mawua ɖe li kpe ɖe ŋunyea? Agakpea ɖeke meli o, nyemenya ɖeke o.
Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã ɖe mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, miɖɔ miaƒe nuwɔnawo ɖo, eye migadze mawu tutɔwo yome, ne miasubɔ wo o; ekema mianɔ anyigba, si metsɔ na mia kple mia fofowo la dzi; ke mieƒu to anyi o, eye miegbe toɖoɖom.
gake la Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso, eye miawo mieli nɛ la, kple Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, amesi me nuwo katã to va, eye miawo mieto eyama me la, li na mi.
Elabena mi amesiwo nye sidzelawo, mienyae bena, ahasiwɔla alo ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla, si so kple trɔ̃subɔla la, domenyinyia ɖeke meli na wo dometɔa ɖeke le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o.
Eye medze klo ɖe eƒe afɔ nu, be made ta agu ne. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.
Eye wògblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo nye nyagblɔɖilawo kple amesiwo lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko!