Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 2:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye Mose lɔ̃ bena, yeatsi ŋutsu la gbɔ, eye wotsɔ vianyɔnu Zipora na Mose wòɖe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Mose xɔ Reuel ƒe kpekpe la, eye wòlɔ̃ be yeanɔ egbɔ. Reuel tsɔ via si woyɔna be Zipora la nɛ wòɖe.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 2:21
15 Mawu Ofanana  

Esi ŋutsuvia tsi la, ekplɔe ve na Farao vinyɔnu la, eye wòxɔe wɔ viae hetsɔ ŋkɔ nɛ bena Mose: elabena egblɔ be: To mee meɖee tsoe.


Egblɔ na vianyɔnuawo bena: Afika wòle? Nukaŋuti miegblẽ ŋutsu la ɖe afima? Miyi ɖayɔe vɛ, ne woaɖu nu!


Eye Mose kpɔ toa Midian-nunɔla Yetro ƒe alẽwo dzi. Gbe ɖeka esi wòkolɔ alẽawo yi gbedzi la, eva Mawu ƒe to Xoreb gbɔ.


Eye Mose trɔ gbã va toa Yetro gbɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Mele didim be, magbugbɔ aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa le Egipte be, wogale agbe mahã? Yetro ɖo ŋu; na Mose bena. Heyi faa!


Eye Mose gblɔ na Hobab toa, Midiantɔ Reguel ƒe viŋutsu, bena: Miele hoho ge ayi teƒe, si Yehowa gblɔ be, yeatsɔ na mí la; wò hã yi kpli mí, eye míawɔ nyuie na wò, elabena Yehowa ɖo nyuie ɖe Israel ŋu.


Eye Miryam kple Aron ƒo nu le Mose ŋu le Kus-nyɔnu la ta, elabena eɖe Kus-nyɔnu


Ke Mose si le nya sia nu, eye wòzu amedzro le Midian-nyigba dzi, afisi wòdzi ŋutsuvi eve le.


Ke mawusosroɖa kpakple ŋudzedzekpɔkpɔ enye viɖenu gã.


elabena elɔ̃ be, yeakpe fu akpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋuti wu esi yeakpɔ nuvɔ̃ ƒe vivisese le ɣeyiɣi via ɖe ko me,


Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: „Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpa o.“


kesinɔtɔ la naƒo adegbe le eƒe bɔbɔdeanyi me; elabena enu ava yi abe gbe ƒe seƒoƒo ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa