Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 2:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Egblɔ na vianyɔnuawo bena: Afika wòle? Nukaŋuti miegblẽ ŋutsu la ɖe afima? Miyi ɖayɔe vɛ, ne woaɖu nu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Wo fofo gblɔ na wo be, “Nu ka ta miegblẽe ɖe afi ma ɖo? Miyi miakplɔe vɛ wòaɖu nu kpli mí.”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 2:20
12 Mawu Ofanana  

eye matsɔ abolo via ɖe vɛ, ne míado ŋusẽ mia ɖokui hafi adzo; elabena esia ta mieva to miaƒe dɔla gbɔ ɖo. Eye woxɔ dzi bena: Wɔ, abe alesi negblɔ ene!


Esi Laban se nya siawo le nɔvianyɔnu ƒe vi Yakob ŋuti la, eƒu ɖu yi ɖakpee, eye wòkpla asi kɔ nɛ heɖuɖɔ nu nɛ, eye wòkplɔe va eƒe me. Eye wòxlẽ nya, siwo katã va dzɔ la, na Laban.


Emegbe la Yakob wu vɔsalãwo le to la dzi, eye wokpe nɔviawo be, woava ɖu nu. Eye woɖu nu, eye wotsi to la dzi dɔ.


Eye wotsa nunanaawo da ɖi, vaseɖe esime Yosef gbɔ le ŋdɔ me, elabena wose bena, yewole nu ɖu ge le afima.


Amedzro metsia xexe dɔna o, ke boŋ meʋua nye ʋɔ na mɔzɔla.


Eye nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo katã kpakple eƒe ame nyanyɛ tsãtɔwo katã va egbɔ; woɖu nu kplii le eƒe me, eye wodo baba nɛ hefa akɔ nɛ le dzɔgbevɔ̃e, siwo katã Yehowa he va edzi la ta, eye wo dome amesiame tsɔ kesita ɖekaɖeka kple sikasigɛ ɖekaɖeka nɛ.


Woɖo ŋu bena: Egipte-ŋutsua ɖe xɔ mí le alẽkplɔlawo si, eye wòdu tsi gɔ̃ hã na miaƒe alẽwo wono.


Eye Mose lɔ̃ bena, yeatsi ŋutsu la gbɔ, eye wotsɔ vianyɔnu Zipora na Mose wòɖe.


amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome.


Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la amea ɖewo xa dziƒodɔlawo dze wo gbã, gake womenyae o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa