Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Esi ŋutsuvia tsi la, ekplɔe ve na Farao vinyɔnu la, eye wòxɔe wɔ viae hetsɔ ŋkɔ nɛ bena Mose: elabena egblɔ be: To mee meɖee tsoe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Esi ɖevi la tsi la, dadaa kɔe yi na Farao ƒe vinyɔnu la, eye wòzu Via ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Mose, si gɔmee nye “Tɔ mee woɖee tsoe,” elabena egblɔ be tsi mee yeɖee tsoe.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 2:10
11 Mawu Ofanana  

Yehowa ƒe dɔla la gagblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, èfɔ fu, eye àdzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Ismael; elabena Yehowa se wò konyi, si nèfa le wò fukpekpe la ŋuti


Eye Adam gadɔ kple srɔ̃a, eye wòdzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Set; elabena egblɔ be: Mawu ɖo dzidzime bubu Habel, amesi Kain wu la teƒe nam.


Ke viwòŋutsu eveawo, Efrayim kple Manase, siwo wodzi na wò le Egipte, hafi meva gbɔwò le Egipte la, nazu vinyewo abe Ruben kple Simeon ene.


Edo alɔ ɖa tso dzi lém, eye wòhem tso tɔ gãwo me


Eye Farao vinyɔnu la gblɔ nɛ bena: Xɔ ɖevi sia, eye nana noe nam, ekema mana adzɔ wò! Tete nyɔnu la xɔ ɖevi la, eye wòna noe.


Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.


bene wòaxe fe ɖe amesiwo le sea te la ta, bene vinyenye la nasu mía si.


Le xɔse me, esi Mose tsi la, egbe be, womegayɔ ye be Farao ƒe vinyɔnuvi la vi o;


Mikpɔ lɔlɔ̃ gã, si ƒomevi Fofo la tso ke mi la ɖa, bena woayɔ mí be mawuviwo! Eyata xexeame medze si mi o; elabena medze si eyama hã o.


Esi ƒe trɔ la, Xana fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Samuel, elabena egblɔ be: Yehowa si me mebiae le.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa