Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 19:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi mewo Egiptetɔwo, kple alesi metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋala wo dzi, eye mekplɔ mi va gbɔnyee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 ‘Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ Egiptetɔwo kple ale si mekplɔ mi va ɖokuinye gbɔ abe ɖe metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋalãwo dzi ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 19:4
15 Mawu Ofanana  

ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Esi Israel nɔ ɖevime la, melɔe, eye meyɔ vinye la tso Egipte vɛ.


abe alesi meɖo gbe ɖi kpli mi, esime mieʋu tso Egipte la ene; eye nye gbɔgbɔ anɔ mia dome. Migavɔ̃ o!


Ɖe menye fofo eɖekae li na mi katã oa, eye ɖe menye Mawu fɖekae me mi oa? Nukaŋuti mia dome amesiame awɔ nu tovo ɖe ehavi ŋu, ne míagblẽ kɔ ɖo na mia fofowo ƒe nubabla la?


Yehowa, mia Mawu, dze mia ŋgɔ, eye awɔ aʋa na mi, abe alesi wòwɔ na mi le Egipte miekpɔ ene,


kple alesi wòwɔ le gbedzi, afisi nèkpɔ le bena, Yehowa, wò Mawu, tsɔ wò kpa le mɔ blibo, si nèzɔ vaseɖe afisia la dzi abe alesi ŋutsu kpa viae ene.


Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Miekpɔ nusi Yehowa wo le mia ŋku me ɖe Farao kple eƒe dɔlawo kpakple eƒe dukɔ blibo la ŋu le Egipte-nyigba dzi,


eye miekpɔ nutsuwɔwɔ, dzesi kple nukunu gã mawo.


Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, eye nakpɔ wò agbe ta, bena magaŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple wò ŋku la be o, eye womagaɖo le wò dzi me le wò agbe me ŋkekewo katã me o, ke boŋ naxlẽ wo afia viwòwo kple viwòwo ƒe viwo.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusiwo Yehowa, mia Mawu la, wɔ dukɔ siawo katã le mia ŋgɔ, elabena Yehowa, mia Mawue, wɔ aʋa na mi.


Eye wotsɔ hɔ̃ gãa ɖe ƒe aʋala eve na nyɔnu la, bena wòadzo ayi gbedzi ayi ɖe teƒe, afisi woanyii le ɣeyiɣia ɖe kple ɣeyiɣiwo kpakple ɣeyiɣi afã tso da la ƒe ŋku me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa